Skip to content
BibleKenya

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™

Psalmowo 91

Ame si nɔ Dziƒoʋĩtɔ la ƒe bebeƒe la

agbɔ ɖe eme le Ŋusẽkatãtɔ la ƒe vɔvɔli te.

Magblɔ na Yehowa be, “Eyae nye nye sitsoƒe kple nye mɔ sesẽ,

nye Mawu si ŋu meku ɖo.”

Vavã, aɖe wò le xevimɔtrela ƒe mɔ

kple dɔvɔ̃ dziŋɔ me.

Atsɔ eƒe fuwo atsyɔ dziwò,

àkpɔ sitsoƒe le eƒe aʋala te,

eye eƒe nuteƒewɔwɔ anye wò akpoxɔnu

kple mɔxenu aƒo xlã wò.

Màvɔ̃ zãmeŋɔdzi alo aŋutrɔ si le ʋɔ lũm le ŋkeke me,

dɔvɔ̃ si le tsatsam le viviti me,

alo dɔxɔleameŋu si le nu gblẽm le ŋdɔ la o.

Akpe adze anyi ɖe axawò,

eye akpe ewo ɖe wò nuɖusime,

ke wò la, mate ɖe ŋuwò o.

Ɖeko nàkpɔe kple wò ŋkuwo,

eye àkpɔ ale si woahe to na ame vɔ̃ɖiwoe.

Ne ètsɔ Dziƒoʋĩtɔ la, Yehowa,

ame si nye nye sitsoƒe wɔ nɔwòƒee la,

ekema dzɔgbevɔ̃e maɖi kpe wò o,

eye gbegblẽ mate ɖe wò agbadɔ ŋu o,

elabena ade se na eƒe dɔlawo tso ŋutiwò,

be woakpɔ tawò le wò mɔwo katã dzi.

Woakɔ wò ɖe woƒe asiwo me,

be màtsɔ wò afɔ axlã ɖe kpe aɖeke o.

Àɖo afɔ dzata kple ƒli dzi, eye ànya avuzi

le dzata dziŋɔ kple da vɔ̃ɖi dzi.

Yehowa be, “Maɖee, elabena elɔ̃m,

madzɔ eŋu, elabena enya nye ŋkɔ.

Ayɔm, eye matɔ nɛ;

manɔ anyi kplii le xaxa me,

maɖee, eye made bubu eŋuti.

Matsɔ agbe didi aɖi ƒo nɛ,

eye maɖe nye xɔxɔ afiae.”

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™. Copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Licensed under CC BY-SA 4.0. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Source: eBible.org. Typeset from the source files; no intended changes to scripture wording. BibleKenya is not endorsed by the rights holder.

Full source notice & licence · CC BY-SA 4.0 · SourceEdition imported 2026-10-25.

BibleKenya

Reader settings

Theme
Font
Alignment
Reading width

Saved in this browser and used offline too. Press ? for keyboard shortcuts.