Skip to content
BibleKenya

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™

Psalmowo 92

Ha si wokpa. Hadzidzi. Na Dzudzɔgbe ŋkeke la.

Enyo be woakafu Yehowa,

eye woadzi ha na wò ŋkɔ, o Dziƒoʋĩtɔ,

ne woaɖe gbeƒã wò lɔlɔ̃ le ŋdi me

kple wò nuteƒewɔwɔ le fiẽ me,

ɖe ka ewo gakasaŋku

kple kasaŋku ƒe gbe vivi nu.

O! Yehowa, èna mekpɔ dzidzɔ le wò nuwɔnawo ta.

Medzi ha tso aseye le wò asinudɔwo ta.

O! Yehowa, wò dɔwɔwɔwo lolo loo,

aleke wò susuwo me goglo ale?

Numanyala menya esia o,

eye bometsilawo mese egɔme o,

be togbɔ be ame vɔ̃ɖi tsi mlɔmlɔmlɔ abe gbe ene,

eye nu tovo wɔlawo ƒo se hã la,

woatsrɔ̃ wo gbidigbidi.

Ke wò, o Yehowa, woado wò ɖe dzi tegbetegbe.

Vavã, wò futɔwo, o Yehowa,

atsrɔ̃ le nyateƒe me,

eye nu vlo wɔlawo katã aka ahlẽ gbẽe.

Èkɔ nye dzo ɖe dzi abe to tɔ ene,

eye nèkɔ ami nyuitɔwo ɖe dzinye.

Nye ŋkuwo kpɔ ale si woɖu nye ketɔwo dzii,

eye nye towo se ale si wonya avuzi

le nye futɔ vɔ̃ɖiwo dzii.

Ame dzɔdzɔewo atsi abe ale si deti tsinae ene,

woatsi akɔ abe Lebanon ƒe sedati ene;

ati siwo wodo ɖe Yehowa ƒe aƒe me,

woatsi nyuie le míaƒe Mawu la ƒe xɔxɔnu.

Aleke gbegbe wotsii hã la,

woaganɔ tsetsem, eye woƒe aŋgbawo ada ama, eye womalũ xɛ o.

Woaɖe gbeƒã be, “Yehowae nye dzɔdzɔetɔ;

eyae nye nye Agakpe, eye vɔ̃ɖinyenye aɖeke mele eme o.”

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™. Copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Licensed under CC BY-SA 4.0. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Source: eBible.org. Typeset from the source files; no intended changes to scripture wording. BibleKenya is not endorsed by the rights holder.

Full source notice & licence · CC BY-SA 4.0 · SourceEdition imported 2026-10-25.

BibleKenya

Reader settings

Theme
Font
Alignment
Reading width

Saved in this browser and used offline too. Press ? for keyboard shortcuts.