Skip to content
BibleKenya

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™

Psalmowo 90

Agbalẽ enelia

Psalmowo 90–106

Mose, Mawu ƒe ame ƒe gbedodoɖa.

Yehowa, wòe nye míaƒe sitsoƒe

le dzidzimewo katã me.

Hafi towo nava dzɔ,

alo hafi nàwɔ anyigba kple xexea me,

tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, wò koe nye Mawu.

Ènana amegbetɔwo gatrɔna zua kewɔ, eye nègblɔna be,

“O! Amegbetɔviwo, mitrɔ zu kewɔ.”

Elabena ƒe akpewo le ŋkuwò me

le abe etsɔ ŋkeke si va yi la ene,

alo abe ŋudzɔɣi le zã me ene.

Èkplɔa amewo dzonae to ku me;

wole abe gbe mumu le ŋdi me ene.

Togbɔ be emie le ŋdi yeyee hã la,

le fiẽ me la, eƒu, eye wòku.

Wò dɔmedzoe la tsrɔ̃ mí

eye wò dɔmedzoe do ŋɔdzi na mí.

Ètsɔ míaƒe vodadawo ɖo wò ŋkume

kple míaƒe nu vɔ̃ siwo míewɔ

le ɣaɣlaƒe la ɖo wò mo ƒe kekeli nu.

Míaƒe ŋkekewo katã nu va yi le wò dziku ta,

eye míewu míaƒe ƒewo nu kple ŋeŋe.

Míaƒe agbemeŋkekewo le ƒe blaadre,

alo blaenyi, gake ne ŋusẽ gale mía ŋutie nye ema,

elabena woƒe didi nye fuɖename kple aɖukliɖuɖu;

wo nu va yi kaba, eye míedzo.

Ame kae nya wò dɔmedzoe ƒe ŋusẽ?

Elabena wò dziku nu sẽ abe ale si woavɔ̃ wòe ene.

Fia ale si míaxlẽ míaƒe ŋkekewo dedie la mí,

ale be dzi si me dziƒonunya le la nasu mía si.

O! Yehowa, bɔbɔ wò asi! Va se ɖe ɣe ka ɣi?

Kpɔ nublanui na wò dɔlawo.

Tsɔ wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la ɖi ƒoe na

mí le ŋdi me, be míadzi ha kple dzidzɔ,

eye míatso aseye le míaƒe ŋkekewo katã me.

Na míatso aseye, ɖe ŋkeke siwo katã nètu nu kpli mí

kple ƒe siwo katã me nèhe fukpekpe va mía dzi la ta.

Na woaɖe wò dɔwɔwɔwo afia wò dɔlawo

kple wò atsyɔ̃ afia wo viwo.

Aƒetɔ, míaƒe Mawu, na wò amenuveve nanɔ mía dzi,

eye nàli ke míaƒe asinudɔwo na mí, ɛ̃,

míaƒe asinudɔwo, nàna woali ke nyuie.

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™. Copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Licensed under CC BY-SA 4.0. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Source: eBible.org. Typeset from the source files; no intended changes to scripture wording. BibleKenya is not endorsed by the rights holder.

Full source notice & licence · CC BY-SA 4.0 · SourceEdition imported 2026-10-25.

BibleKenya

Reader settings

Theme
Font
Alignment
Reading width

Saved in this browser and used offline too. Press ? for keyboard shortcuts.