Skip to content
BibleKenya

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™

Psalmowo 53

David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe nublanuigbe me.

Bometsila gblɔ le eƒe dzi me be,

“Mawu aɖeke meli o.”

Wonye ame baɖawo, woƒe mɔwo hã nye nu tovowo,

ame aɖeke meli si wɔa nu nyui o.

Mawu lé ŋku ɖe amegbetɔviwo ŋu tso dziƒo,

ne wòakpɔe ɖa be ame aɖe se nu gɔme alo di Mawu hã.

Ke ame sia ame trɔ megbe dee,

wo katã tim wɔ nu tovo;

ame ɖeka hɔ̃ɔ hã meli si wɔa nu nyui o,

ɖeka pɛ hã meli o.

Ɖe ame vɔ̃ɖiwo,

ame siwo vuvu nye dukɔ abe ale si woɖua aboloe ene,

eye womeyɔa Mawu o la

ava srɔ̃ nu gbe aɖe gbea?

Woawoe ma ŋɔdzi lé, evɔ ŋɔdzinu aɖeke meli hafi o.

Mawu gbã ƒu ɖe lãme na ame siwo tso ɖe mia ŋu la;

ena ŋukpe lé wo, elabena Mawu gbe wo.

O! Xɔname neva tso Zion na Israel!

Ne Mawu gaɖo eƒe dukɔ ƒe nunyonamewo te la,

Yakob netso aseye, eye Israel nekpɔ dzidzɔ!

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™. Copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Licensed under CC BY-SA 4.0. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Source: eBible.org. Typeset from the source files; no intended changes to scripture wording. BibleKenya is not endorsed by the rights holder.

Full source notice & licence · CC BY-SA 4.0 · SourceEdition imported 2026-10-25.

BibleKenya

Reader settings

Theme
Font
Alignment
Reading width

Saved in this browser and used offline too. Press ? for keyboard shortcuts.