Skip to content
BibleKenya

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™

Psalmowo 54

David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe kasaŋku ŋu. David kpa ha sia esi Zifitɔwo yi Saul gbɔ gblɔ nɛ be, “Ɖe David meva ɣla ɖe mía dome oa?”

Ɖem, O! Mawu, ɖem kple wò ŋkɔ,

tsɔ wò ŋusẽ tso afia nam.

O! Mawu, se nye gbedodoɖa,

eye nàƒu to anyi ɖe nye numenyawo ŋu.

Amedzrowo tso ɖe ŋunye,

ŋutasẽlawo ti nye agbe yome,

ame siwo mebua Mawu ɖe naneke me o. Sela

Mawu nye nye xɔnametɔ vavã,

Aƒetɔ lae nye ame si lém ɖe asi.

Vɔ̃ negbugbɔ va ame siwo le ŋunye gblẽm la dzi,

tsrɔ̃ wo le wò nuteƒewɔwɔ ta.

Masa lɔlɔ̃nuvɔsa na wò,

O! Yehowa, makafu wò ŋkɔ, elabena enyo.

Eɖem tso nye xaxawo katã me,

eye nye ŋkuwo kpɔ ale si woɖu nye futɔwo dzii.

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™. Copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Licensed under CC BY-SA 4.0. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Source: eBible.org. Typeset from the source files; no intended changes to scripture wording. BibleKenya is not endorsed by the rights holder.

Full source notice & licence · CC BY-SA 4.0 · SourceEdition imported 2026-10-25.

BibleKenya

Reader settings

Theme
Font
Alignment
Reading width

Saved in this browser and used offline too. Press ? for keyboard shortcuts.