Skip to content
BibleKenya

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™

Psalmowo 52

David ƒe nufiameha na hɛnɔ la. Ekpa ha sia esi Edomtɔ, Doeg yi ɖagblɔ na Saul be, “David yi ɖe Ahimelek ƒe aƒe me.”

Nu ka ta nètsɔ nu vɔ̃ɖi le adegbe ƒom, wò kalẽtɔ?

Nu ka wɔ nèle adegbe ƒom ŋkeke blibo la,

wò ame si nye ŋunyɔnu le Mawu ƒe ŋkume?

Wò aɖe le gbegblẽ ɖom;

èle abe hɛ ɖaɖɛ ene, wò alakpatɔ.

Èlɔ̃ vɔ̃ wu nyui,

èlɔ̃ alakpa wu nyateƒetoto. Sela

O! Wò alakpaɖe,

èlɔ̃ nya gbegblẽwo sɔŋ ko!

Vavã, Mawu hã aƒu wò anyi ɖe gbegblẽ mavɔ me.

Mawu ahe wò ado goe tso wò agbadɔ me,

aho wò kple ke tso agbagbeawo ƒe anyigba dzi. Sela

Ame dzɔdzɔewo akpɔe, eye woavɔ̃;

woakoe ahagblɔ be,

“Kpɔ ɖa, ŋutsu si metsɔ Mawu wɔ eƒe mɔ sesẽ o,

ke boŋ wòtsɔ eƒe dzi ɖo eƒe kesinɔnu gbogboawo ŋu,

eye wòkpɔ ŋusẽ hegblẽ ame bubuwo dome lae nye esi!”

Ke nye la, mele abe amiti si le tsetsem le Mawu ƒe aƒe me la ene.

Meɖo dzi ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o

la ŋu tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.

Makafu wò tegbee le nu si nèwɔ la ta;

matsɔ nye mɔkpɔkpɔ ade wò ŋkɔ me,

elabena wò ŋkɔ nyo.

Makafu wò le wò ame kɔkɔewo ŋkume.

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™. Copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Licensed under CC BY-SA 4.0. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Source: eBible.org. Typeset from the source files; no intended changes to scripture wording. BibleKenya is not endorsed by the rights holder.

Full source notice & licence · CC BY-SA 4.0 · SourceEdition imported 2026-10-25.

BibleKenya

Reader settings

Theme
Font
Alignment
Reading width

Saved in this browser and used offline too. Press ? for keyboard shortcuts.