Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Psalmowo 129
Mɔzɔha.
Wotem ɖe anyi ale gbegbe tso nye ɖekakpuime ke.
Israel negblɔ be,
“Wotem ɖe anyi ale gbegbe tso nye ɖekakpuime ke,
gake womeɖu dzinye o.
Agbleŋlɔlawo ŋlɔ nye dzimegbe,
eye woɖe boliƒowo wodidi,
gake Yehowa nye dzɔdzɔetɔ,
etso kam tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe babla me.”
Na be ame siwo katã tsri Zion la,
nagbugbɔ ɖe megbe kple ŋukpe.
Na be woanɔ abe gbe si wotsɔ gbã xɔe ene,
gbe si yrɔna, hafi ayi miemie ge.
Ale gbetsola mate ŋu atsoe alɔ ɖe asime loo,
alo ame si le elɔm la, nayi elɔ ge ɖe abɔdome o.
Ame siwo to afi ma yi la megagblɔ be,
“Yehowa ƒe yayra nenɔ dziwò;
míeyra wò le Yehowa ƒe ŋkɔ me” o.
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™. Copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Licensed under CC BY-SA 4.0. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Source: eBible.org. Typeset from the source files; no intended changes to scripture wording. BibleKenya is not endorsed by the rights holder.
Full source notice & licence · CC BY-SA 4.0 · SourceEdition imported 2026-10-25.