Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Psalmowo 128
Mɔzɔha.
Woayra ame siwo vɔ̃a Yehowa,
ame siwo zɔna le eƒe mɔwo dzi.
Àɖu wò ŋutɔ wò dɔwɔwɔ ƒe kutsetse,
eye yayra kple dzidzedze anye tɔwò gome.
Srɔ̃wò anɔ abe wainka si tse kplanyaa la ene anɔ aƒewò me;
viwò ŋutsuwo anɔ abe amitiɖɔmi ene le wò kplɔ̃ ŋu godoo.
Kpɔ ɖa, aleae woyraa
ŋutsu si vɔ̃a Yehowa lae.
Yehowa neyra wò tso Zion le wò agbemeŋkekewo katã me,
eye àkpɔ Yerusalem ƒe dzidzedze.
Ànɔ agbe akpɔ viwòwo ƒe viwo.
Ŋutifafa nenɔ Israel dzi.
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™. Copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Licensed under CC BY-SA 4.0. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Source: eBible.org. Typeset from the source files; no intended changes to scripture wording. BibleKenya is not endorsed by the rights holder.
Full source notice & licence · CC BY-SA 4.0 · SourceEdition imported 2026-10-25.