Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Psalmowo 130
Mɔzɔha.
O! Yehowa, mele koko ƒom na wò tso nye dzi me ke.
O! Aƒetɔ, ɖo to nye gbe.
Wò to nenɔ te nàse nye nublanuiɣli.
O! Yehowa, ne àlé amewo
ƒe nu vɔ̃wo ɖe agbalẽ me ada ɖi la,
O! Aƒetɔ, ame ka ate ŋu anɔ te?
Ke wò la, tsɔtsɔke le gbɔwò,
eya ta wovɔ̃a wò ɖo.
Mele Yehowa ƒe asinu kpɔm,
nye luʋɔ le lalam,
eye metsɔ nye mɔkpɔkpɔ da ɖe eƒe nya dzi.
Nye luʋɔ le lalam na Aƒetɔ la wu
ale si zãɖialawo kpɔa mɔ na ŋu ƒe keke;
mebe wu ale si zãɖialawo kpɔa mɔ na ŋu ƒe keke.
O! Israel, tsɔ wò mɔkpɔkpɔ da ɖe Yehowa dzi,
elabena lɔlɔ̃ matrɔ le Yehowa si,
eye ɖeɖe blibo le eya amea gbɔ.
Eya ŋutɔ aɖe Israel
tso eƒe nu vɔ̃wo katã me.
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™. Copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Licensed under CC BY-SA 4.0. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Source: eBible.org. Typeset from the source files; no intended changes to scripture wording. BibleKenya is not endorsed by the rights holder.
Full source notice & licence · CC BY-SA 4.0 · SourceEdition imported 2026-10-25.