Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Psalmowo 125
Mɔzɔha.
Ame siwo ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu la
le abe Zion to si meʋãna o,
eye wònɔa anyi ɖikaa la ene.
Abe ale si towo ƒo xlã Yerusalem ene la,
nenema Yehowa ƒo xlã eƒe dukɔ lae,
tso fifia yi ɖe mavɔ me.
Ame vɔ̃ɖiwo ƒe fiatikplɔ manɔ anyigba si
woka na ame dzɔdzɔewo la dzi o,
ne menye nenema o la,
ame dzɔdzɔewo ava tsɔ woƒe asi awɔ nu vɔ̃ɖii.
O! Yehowa, wɔ nyui na nu nyui wɔlawo,
ame siwo ƒe dzi to mɔ ɖeka.
Ke ame siwo trɔ ɖe mɔ gɔglɔ̃ dzi la,
Yehowa atsɔ wo aƒu gbe, kpe ɖe nu vɔ̃ɖi wɔlawo ŋu.
Ŋutifafa nenɔ Israel dzi.
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™. Copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Licensed under CC BY-SA 4.0. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Source: eBible.org. Typeset from the source files; no intended changes to scripture wording. BibleKenya is not endorsed by the rights holder.
Full source notice & licence · CC BY-SA 4.0 · SourceEdition imported 2026-10-25.