Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Psalmowo 126
Mɔzɔha.
Esi Yehowa kplɔ aboyomeyilawo gbɔe va Zion la,
míenɔ abe drɔ̃ekulawo ene.
Nukoko yɔ míaƒe nu me fũu,
eye dzidzɔhawo yɔ míaƒe aɖewo dzi.
Tete wogblɔ le dukɔwo dome be,
“Yehowa wɔ nu gã na wo ameawo.”
Nyateƒee, Yehowa wɔ nu gãwo na mí,
eya ta dzidzɔ yɔ mía me.
O! Yehowa, gaɖo míaƒe nunyonamewo te,
abe tɔʋu si le Gbegbe ene.
Ame siwo ƒã nu kple aɖatsi la,
axa nu kple dzidzɔhawo.
Ame si do go le nukuwo ƒãm kple aɖatsi la
atrɔ agbɔ kple dzidzɔhawo, atsɔ lu bablawo agbɔe.
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™. Copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Licensed under CC BY-SA 4.0. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Source: eBible.org. Typeset from the source files; no intended changes to scripture wording. BibleKenya is not endorsed by the rights holder.
Full source notice & licence · CC BY-SA 4.0 · SourceEdition imported 2026-10-25.