Skip to content
BibleKenya

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™

Psalmowo 124

David ƒe mɔzɔha.

Ne menye Yehowae le mía dzi o la,

Israel negblɔ be,

“Ɖe menye Yehowae le mía dzi o la,

esi amegbetɔwo tso ɖe mía ŋu,

eye woƒe dɔmedzoe bi ɖe mía ŋu la,

anye ne womi mí agbagbee,

anye ne tsi ɖe mí

hesi to mía dzi,

anye ne tɔ dzeagbowo

kplɔ mí dzoe.”

Woakafu Yehowa,

ame si meɖe mɔ be woavuvu mí kple woƒe aɖu o.

Míesi abe xevi si do le mɔtrela ƒe mɔka me la ene;

mɔka la tso, eye míesi dzo.

Míaƒe xɔname le Yehowa,

dziƒo kple anyigba Wɔla la gbɔ.

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™. Copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Licensed under CC BY-SA 4.0. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Source: eBible.org. Typeset from the source files; no intended changes to scripture wording. BibleKenya is not endorsed by the rights holder.

Full source notice & licence · CC BY-SA 4.0 · SourceEdition imported 2026-10-25.

BibleKenya

Reader settings

Theme
Font
Alignment
Reading width

Saved in this browser and used offline too. Press ? for keyboard shortcuts.