Skip to content
BibleKenya

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™

Psalmowo 123

Mɔzɔha.

Mewu mo dzi na wò,

wò ame si ƒe fiazikpui le dziƒo.

Abe ale si kluviwo kpɔa woƒe aƒetɔ ƒe asinu

kple kosiviwo ƒe ŋku nɔa woƒe aƒenɔ ƒe asinu kpɔmii ene la,

nenemae míele Yehowa, míaƒe Mawu la

ƒe asinu kpɔmii, va se ɖe esime wòakpɔ nublanui na mí.

O! Yehowa, kpɔ nublanui na mí,

O! Kpɔ míaƒe nublanui,

elabena míenɔ te ɖe vlododo nu eteƒe didi.

Míetsɔ dadalawo ƒe alɔmeɖeɖe gbogboawo,

eye míenɔ te ɖe ɖokuiŋudzelawo

ƒe vlodoame gbogboawo nu eteƒe didi.

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™. Copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Licensed under CC BY-SA 4.0. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Source: eBible.org. Typeset from the source files; no intended changes to scripture wording. BibleKenya is not endorsed by the rights holder.

Full source notice & licence · CC BY-SA 4.0 · SourceEdition imported 2026-10-25.

BibleKenya

Reader settings

Theme
Font
Alignment
Reading width

Saved in this browser and used offline too. Press ? for keyboard shortcuts.