Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Psalmowo 122
David ƒe mɔzɔha.
Mekpɔ dzidzɔ kple ame siwo gblɔ nam be,
“Mina míayi Yehowa ƒe aƒe me.”
O! Yerusalem,
míaƒe afɔwo le wò agbowo nu.
Wotso Yerusalem, eye nèle abe du si tsyia ɖe
wo nɔewo nu ene.
Afi ma to vovovoawo yina,
Yehowa ƒe toawo, be woakafu Yehowa,
le ɖoɖo si wòna Israel nu.
Afi ma woɖo ʋɔnudrɔ̃zikpuiwo ɖo,
David ƒe aƒe la ƒe fiazikpuiwo.
Mido gbe ɖa, abia ŋutifafa na Yerusalem be,
“Ame siwo lɔ̃ wò la nenɔ dedie.
Ŋutifafa nenɔ wò gliwo me
kple dedinɔnɔ le wò fiasãwo me.”
Le nɔvinye ŋutsuwo kple xɔ̃nyewo ta, magblɔ be,
“Ŋutifafa nenɔ mewò.”
Le Yehowa,
míaƒe Mawu la ƒe aƒe la ta, madi dzidzedze na wò.
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™. Copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Licensed under CC BY-SA 4.0. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Source: eBible.org. Typeset from the source files; no intended changes to scripture wording. BibleKenya is not endorsed by the rights holder.
Full source notice & licence · CC BY-SA 4.0 · SourceEdition imported 2026-10-25.