Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Psalmowo 96
Midzi ha yeye na Yehowa;
Mi anyigbawo katã, midzi ha na Yehowa.
Midzi ha na Yehowa, mikafu eƒe ŋkɔ;
miɖe gbeƒã eƒe xɔxɔ gbe sia gbe.
Miɖe eƒe Ŋutikɔkɔefia le dukɔwo dome
kple eƒe nukudɔwo fia le anyigbadzitɔwo katã dome.
Elabena Yehowa lolo,
eye wòdze kafukafu ŋutɔ;
ele be woavɔ̃e wu mawuwo katã.
Dukɔwo ƒe mawuwo nye legbawo,
ke Yehowae wɔ dziƒowo.
Atsyɔ̃ kple gãnyenye le eŋgɔ,
eye ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe le eƒe kɔkɔeƒe la me.
O! Mi dukɔwo ƒe ƒomewo,
mitsɔ ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ na Yehowa.
Mitsɔ ŋutikɔkɔe si dze eƒe ŋkɔ la nɛ,
eye mitsɔ vɔsanuwo va eƒe xɔxɔnuwoe.
Misubɔ Yehowa le eƒe kɔkɔenyenye ƒe atsyɔ̃ me,
eye anyigba katã nedzo nyanyanya le eŋkume.
Migblɔ le dukɔwo dome be, “Yehowae le fia ɖum.”
Eɖo xexea me gɔme anyi goŋgoŋgoŋ, mate ŋu aʋã o;
eye adrɔ̃ ʋɔnu amewo ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe.
Mina dziƒowo natso aseye, anyigba nekpɔ dzidzɔ,
atsiaƒu kple emenuwo katã neɖe gbe,
eye gbegbe kple emenuwo katã netso aseye.
Ekema avemetiwo adzi ha atso aseye;
woadzi ha le Yehowa ŋgɔ, elabena egbɔna,
eye wògbɔna ʋɔnu drɔ̃ ge.
Adrɔ̃ ʋɔnu xexea me le dzɔdzɔenyenye me
kple dukɔwo le nyateƒe me.
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™. Copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Licensed under CC BY-SA 4.0. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Source: eBible.org. Typeset from the source files; no intended changes to scripture wording. BibleKenya is not endorsed by the rights holder.
Full source notice & licence · CC BY-SA 4.0 · SourceEdition imported 2026-10-25.