Skip to content
BibleKenya

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™

Psalmowo 95

Miva, mina míatso aseye ɖe Yehowa ŋu,

eye míado dzidzɔɣli ɖe míaƒe xɔxɔ ƒe Agakpe la ŋu.

Mina míado ɖe eŋkume kple akpedada,

eye míadoe ɖe dzi to saŋku kple hadzidzi me.

Elabena Yehowae nye Mawu gã la,

eye wònye fiagã si ƒo mawuwo katã ta.

Anyigba ƒe gogloƒewo le eƒe asi me,

eye towo ƒe tsutsueƒe ke hã nye etɔ.

Atsiaƒu hã nye etɔ,

elabena eyae wɔe, eye eƒe asie wɔ anyigba ƒuƒui hã.

Miva, mina míabɔbɔ ade ta agu nɛ,

eye mina míadze klo ɖe

Yehowa, mía Wɔla la ƒe ŋkume.

Elabena eyae nye míaƒe Mawu,

eye míenye amewo le eƒe lãnyiƒe,

kple lãha le eƒe dzikpɔkpɔ te.

Egbe, ne miese eƒe gbe la,

migasẽ miaƒe dzi me abe ale si miewɔ le Meriba

kple ale si miewɔ gbe ma gbe le Masa le gbea dzi ene o.

Afi mae mia fofowo,

togbɔ be wokpɔ nu si mewɔ hã la,

wodom kpɔ, eye wotem kpɔ le.

Medo dɔmedzoe ɖe dzidzime ma ŋu ƒe blaene sɔŋ,

megblɔ be, “Wonye ame siwo ƒe dzi tra mɔ,

eye womenya nye mɔwo o.”

Ale le nye dɔmedzoe me, meka atam be,

“Womayi ɖe nye dzudzɔ la me gbeɖe o.”

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™. Copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Licensed under CC BY-SA 4.0. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Source: eBible.org. Typeset from the source files; no intended changes to scripture wording. BibleKenya is not endorsed by the rights holder.

Full source notice & licence · CC BY-SA 4.0 · SourceEdition imported 2026-10-25.

BibleKenya

Reader settings

Theme
Font
Alignment
Reading width

Saved in this browser and used offline too. Press ? for keyboard shortcuts.