Skip to content
BibleKenya

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™

Psalmowo 24

David ƒe ha.

Anyigba kple nu siwo katã yɔ edzi,

xexea me kple emenɔlawo katã nye Yehowa tɔ.

Elabena eɖoe anyi ɖe atsiaƒu dzi,

eye wòɖo egɔme anyi ɖe tɔsisiwo dzi gli.

Ame kae alia Yehowa ƒe togbɛ?

Ame kae atsi tsitre ɖe eƒe kɔkɔeƒe la?

Ame si ƒe asi me dza, eye eƒe dzi me le dzadzɛe,

ame si metsɔ eƒe luʋɔ na legba o,

eye mekaa aʋatso heta nu dzodzro o.

Eya axɔ yayra tso Yehowa gbɔ, eye Mawu,

eƒe Ɖela la, atso afia nɛ.

O! Yakob ƒe Mawu,

aleae dzidzime si dia wò,

eye wòdia ŋkuwòme la le. Sela

O! Mi agbowo, miʋu;

mi blemaʋɔtruwo, miʋu,

ne Ŋutikɔkɔefia la nage ɖe eme.

Ame kae nye Ŋutikɔkɔefia la?

Yehowa ŋusẽtɔ kple kalẽtɔ lae,

Yehowa si wɔa kalẽ le aʋagbedzi lae.

O! Mi agbowo, miʋu;

mi blemaʋɔtruwo, miʋu,

ne Ŋutikɔkɔefia la nage ɖe eme.

Ame kae nye Ŋutikɔkɔefia sia?

Yehowa Ŋusẽkatãtɔ lae nye Ŋutikɔkɔefia la. Sela.

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™. Copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Licensed under CC BY-SA 4.0. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Source: eBible.org. Typeset from the source files; no intended changes to scripture wording. BibleKenya is not endorsed by the rights holder.

Full source notice & licence · CC BY-SA 4.0 · SourceEdition imported 2026-10-25.

BibleKenya

Reader settings

Theme
Font
Alignment
Reading width

Saved in this browser and used offline too. Press ? for keyboard shortcuts.