Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Psalmowo 23
David ƒe ha.
Yehowae nye kplɔnyela,
eya ta naneke mahiãm o.
Lãnyiƒe damawo dzi wòna metsyɔ akɔ ɖo,
eye wòkplɔm yi tɔʋu fafɛwo gbɔe,
hena nye luʋɔ gbɔ agbe.
Ekplɔm to dzɔdzɔenyenye ƒe
mɔwo dzi le eƒe ŋkɔ la ta.
Ne mezɔ to ku ƒe balime si do viviti tsiɖitsiɖi hã la,
nyemavɔ̃ dzɔgbevɔ̃e aɖeke o,
elabena wòe le gbɔnye, eye wò lãkplɔti
kple atikplɔ faa akɔ nam.
Èɖo kplɔ̃ ɖe akɔnyeme le nye ketɔwo ƒe ŋkume.
Èsi ami ɖe ta nam, nye kplu yɔ gbagba.
Vavãe, dzɔgbenyui kple amenuveve adze yonyeme
le nye agbemeŋkekewo katã me,
eye manɔ Yehowa ƒe aƒe me ɖaa.
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™. Copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Licensed under CC BY-SA 4.0. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Source: eBible.org. Typeset from the source files; no intended changes to scripture wording. BibleKenya is not endorsed by the rights holder.
Full source notice & licence · CC BY-SA 4.0 · SourceEdition imported 2026-10-25.