Skip to content
BibleKenya

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™

Psalmowo 10

O! Yehowa, nu ka ta nèle adzɔge ʋĩi ɖo?

Nu ka ta nèɣla ɖokuiwò le xaxaɣiwo ɖo?

Ame vɔ̃ɖi dadala he hiãtɔ ƒu anyi,

ke wògena ɖe mɔ si wòtre da ɖi la me.

Nu siwo eƒe dzi dina la, egblɔnɛ adegbeƒotɔe;

eyraa ŋuklẽlawo, eye wòɖea alɔme le Yehowa ŋu.

Ame vɔ̃ɖi la media eƒe mɔ o,

le dada viviwo ta,

le eƒe ŋugblededewo katã me la,

meɖoa ŋku Mawu dzi o.

Eƒe mɔwo dzea edzi nɛ nyuie ɣe sia ɣi,

edoa eɖokui ɖe dzi,

wò sewo didi tso egbɔ;

eye wòɖoa hehe ɖe eƒe futɔwo ta.

Egblɔna na eɖokui be, “Naneke maʋuʋum o,

makpɔ dzidzɔ ɣe sia ɣi, eye nyemage ɖe dzɔgbevɔ̃e me akpɔ o.”

Fiƒode, alakpa kple ŋɔdzidodo yɔ eƒe nu me fũu,

eye gbegblẽ kple nu vɔ̃ɖi le eƒe aɖe te.

Edea xa ɖe kɔƒewo xa;

ewu ame maɖifɔwo le xame,

eye wòtsa ŋu na ame si wòalé le bebeme.

Edea xa ɖe ɣaɣlɛƒe abe dzatae be ɖe ave xa ene;

ale be wòalé amemanɔsitɔ;

eléa amemanɔsitɔ, eye wòhea wo ɖe eƒe ɖɔ me dzonae.

Etoa ƒu ɖe lãme na ame siwo wòlé,

woƒe mo tsyɔa zi, eye womuna dzea anyi le eƒe ŋusẽ te.

Egblɔna na eɖokui be,

“Mawu ŋlɔ be; etsɔ nu tsyɔ eƒe mo, eye mele nu kpɔm o.”

Tso, Yehowa! O! Mawu, kɔ wò abɔ dzi.

Mègaŋlɔ hiãtɔ be o.

Nu ka ta ame vɔ̃ɖi la le alɔme ɖem le Mawu ŋuti ɖo?

Nu ka ta wògblɔna na eɖokui be,

“Mayɔm be mana akɔnta o” ɖo?

Ke wò, O! Mawu, koe kpɔa dzɔgbevɔ̃e kple vevesese;

èbua eŋuti, eye asiwò me wole.

Ame si le fukpekpe me la,

tsɔa eɖokui dea asi na wò;

elabena wòe nye xɔnametɔ na tsyɔ̃eviwo.

Ŋe abɔ na ame vɔ̃ɖi kple nu tovo wɔla;

yɔe ne wòana akɔnta tso nu vɔ̃ɖi siwo wòwɔ

ame aɖeke mekpɔe o la ŋuti.

Yehowae nye fia tso mavɔ me yi mavɔ me;

dukɔwo atsrɔ̃ ɖa le eƒe anyigba dzi.

O! Yehowa, èse hiãtɔwo ƒe didi;

ède dzi ƒo na wo, eye nèɖo to woƒe ɣlidodo.

Èʋli tsyɔ̃eviwo kple ame siwo wote ɖe anyi la ta,

ale be amegbetɔ si nye anyi la magado ŋɔdzi na amewo azɔ o.

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™. Copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Licensed under CC BY-SA 4.0. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Source: eBible.org. Typeset from the source files; no intended changes to scripture wording. BibleKenya is not endorsed by the rights holder.

Full source notice & licence · CC BY-SA 4.0 · SourceEdition imported 2026-10-25.

BibleKenya

Reader settings

Theme
Font
Alignment
Reading width

Saved in this browser and used offline too. Press ? for keyboard shortcuts.