Skip to content
BibleKenya

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™

Lododowo 2

Agbe nyui nɔnɔ si doa go tso nunya me ƒe viɖe

Vinye, ne èxɔ nye nyawo

eye nèdzra nye sededewo ɖo ɖe mewò,

ne ètrɔ to ɖe nunya ŋu

hetsɔ wò dzi na gɔmesese,

ne èyɔ sidzedze

eye nèdo ɣli na gɔmesese,

ne èdii abe klosalo

alo kesinɔnu si woɣla ene la,

ekema àse Yehowavɔvɔ̃ gɔme

eye àke ɖe Mawu nyanya ŋu

elabena Yehowae naa nunya,

eye sidzedze kple gɔmesese doa go tso eƒe nu me.

Eɖo dziɖuɖu ɖi na nuteƒewɔlawo

eye wònye akpoxɔnu na ame siwo ƒe zɔzɔme ŋu fɔɖiɖi mele o,

elabena edzɔa ame dzɔdzɔewo ƒe toƒewo ŋu

eye wòkpɔa eƒe nuteƒewɔlawo ƒe mɔwo ta.

Ekema àse nu si nyo,

le dzɔdzɔe eye wòdze la gɔme,

ɛ̃, àse mɔ nyui ɖe sia ɖe gɔme,

elabena nunya age ɖe wò dzi me,

eye sidzedze ado dzidzɔ na wò luʋɔ.

Tamebubu nyui akpɔ tawò,

eye gɔmesese adzɔ ŋuwò.

Nunya aɖe wò tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔwo dzi,

tso nya tovo gblɔlawo ƒe asi me,

ame siwo gblea mɔ dzɔdzɔetɔwo ɖi hezɔna

le mɔ doblukɔwo dzi,

ame siwo nu gbegblẽ wɔwɔ doa dzidzɔ na,

eye wotsoa aseye le nu tovo ƒe vɔ̃ɖinyenye ŋu,

ame siwo ƒe mɔwo glɔ̃

eye wotrana le woƒe mɔwo dzi.

Nunya aɖe wò le nyɔnu ahasitɔ hã ƒe asi me

kple srɔ̃nyɔnu si da afɔ la ƒe amenubeble me

ame si gblẽ eƒe ɖetugbimesrɔ̃ ɖi

eye mewɔ ɖe nu si wòbla kplii

le Mawu ŋkume la dzi o

elabena eƒe aƒe ɖo ta ku me

eye eƒe mɔwo ɖo ta ame siwo le tsiẽƒe la ƒe gbɔgbɔwo gbɔ.

Ame siwo katã yia egbɔ la megatrɔna gbɔna loo

alo gena ɖe agbemɔ la dzi o.

Ale àto ame nyuiwo ƒe mɔwo dzi

eye àlé ame dzɔdzɔewo ƒe mɔwo ɖe asi.

Ame dzɔdzɔewo anɔ anyigba dzi

eye ame maɖifɔwo asusɔ ɖe edzi

gake woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi

eye woaho nuteƒemawɔlawo ɖa le edzi.

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™. Copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Licensed under CC BY-SA 4.0. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Source: eBible.org. Typeset from the source files; no intended changes to scripture wording. BibleKenya is not endorsed by the rights holder.

Full source notice & licence · CC BY-SA 4.0 · SourceEdition imported 2026-10-25.

BibleKenya

Reader settings

Theme
Font
Alignment
Reading width

Saved in this browser and used offline too. Press ? for keyboard shortcuts.