Skip to content
BibleKenya

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™

Lododowo 1

Susu si ta woŋlɔ Salomo ƒe lododowo ɖo kple nyati si dzi wotui ɖo

Israel fia Solomo, David ƒe vi ƒe lododowo nye esiawo:

na nunya kple amehehe,

na nya goglowo gɔmesese,

hena agbe dzɔdzɔe kple agbe ɖevi nɔnɔ,

be woawɔ nu si dzɔ,

nu si le eteƒe kple nu si nyo,

be ame gblɔewo nadze aɖaŋu eye woana nunya

kple sidzedze sɔhɛwo,

nunyalawo neɖo to,

ne woasrɔ̃ nu akpe ɖe esi wonya xoxo la ŋu

eye ame siwo si sidzedze le xoxo la naxɔ aɖaŋu,

be woase nunyalawo ƒe lododowo

abebubuwo kple adzowo gɔme.

Yehowa vɔvɔ̃e nye nunya ƒe gɔmedzedze,

ke bometsilawo doa vlo nunya kple amehehe.

Dzidede ƒo na amewo be woasrɔ̃ nunya

Nuxɔxlɔ̃ amewo le ha baɖa dede ŋuti

Vinye, ɖo to fofowò ƒe nuxɔxlɔ̃

eye mègagbe nu le dawò ƒe nufiame gbɔ o.

Anye seƒoƒokuku aɖo atsyɔ̃ na wò ta

kple kɔga anɔ kɔwò.

Vinye, ne nu vɔ̃ wɔlawo le nuwò blem la,

mègalɔ̃ na wo o.

Ne wogblɔ na wò be,

“Va kplɔ mí ɖo,

na míade xa ɖe ame aɖe ƒe ʋu ŋuti,

na míanɔ xame na luʋɔ maɖifɔ aɖe,

ne míamii agbagbee abe tsiẽƒe ene,

eye míamii blibo abe ame siwo ge dze ʋe globo me ene

ekema nu xɔasi vovovowo asu mía si

eye míatsɔ afunyinuwo ayɔ míaƒe xɔwo mee

eya ta de mía dzi

ale be míana gakotoku ɖeka wò” la,

vinye, mègakplɔ wo ɖo o,

mègaka afɔ woƒe toƒewo o

elabena woƒe afɔ ɖea abla ɖe nu vɔ̃ ŋu

eye wogona ɖe ʋukɔkɔɖi ŋu.

Enye movidzɔdzɔ be woaɖo ɖɔ ɖi na xeviwo

le wo katã ƒe ŋkume!

Ame siawo de xa ɖi na woawo ŋutɔ

ƒe ʋu eye wole adeklo dzi ɖe woawo ŋutɔ ɖokuiwo ŋu!

Aleae ame siwo tia viɖe ƒoɖi yome la ƒe nuwuwu anɔ,

elabena eɖea ame siwo ƒe asi su edzi la ƒe agbe ɖa.

Nuxɔxlɔ̃ amewo le nunyagbegbe ŋuti

Nunya le ɣli dom le mɔtata dzi

eye wòkɔ gbe dzi le ƒuƒoƒewo.

Ele ɣli dom le mɔtata siwo dzi zinyenye

le la ƒe dzogoewo dzi eye wòle eƒe nyawo gblɔm

le dua ƒe agbowo me be,

“Va se ɖe ɣe ka ɣi mi gegemewo mialɔ̃ bometsinuwɔwɔ?

Va se ɖe ɣe ka yi fewuɖulawo akpɔ dzidzɔ le fewuɖuɖu ŋu,

bometsilawo alé fu sidzedze?

Ne ɖe mietrɔ ɖe nye mokaname ŋu la,

anye ne metrɔ nye dzi kɔ ɖe anyi na mi

eye mena mienya nye susuwo.

Ke esi miegbe tɔtɔ nam esi meyɔ mi,

esi meke nye abɔwo me,

mietsɔ ɖeke le eme o

eye miedo toku nye aɖaŋuɖoɖowo,

hegbe nye mokaname ta la,

nye hã mako mi le miaƒe gbegblẽ ta

eye maɖe alɔme le mia ŋu ne dzɔgbevɔ̃e ƒo ɖe mia dzi,

ɛ̃, ne eƒo ɖe mia dzi abe ahom sesẽ ene,

gbegblẽ hã zɔ to mia dzi abe yali ene,

eye xaxa kple hiã va mia dzi kpoyi!

“Ekema woayɔm gake nyematɔ o,

woadim gake womakpɔm o.

Le esi wolé fu sidzedze

eye wometia Yehowavɔvɔ̃ o,

le esi wogbe nye aɖaŋuɖoɖo

hedo vlo nye mokaname ta.

Azɔ la woaɖu woƒe mɔwo ƒe kutsetse

eye woƒe ɖoɖowo ƒe kutsetse aɖi ƒo na wo

elabena gegemewo ƒe afɔɖeɖe baɖawo awu wo

eye bometsilawo ƒe ɖekematsɔleme atsrɔ̃ wo.

Ke ame sia ame si ɖoa tom la, anɔ agbe le dedinɔnɔ me

eye aɖe dzi ɖi bɔkɔɔ, mavɔ̃ na dzɔgbevɔ̃e o.”

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™. Copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Licensed under CC BY-SA 4.0. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Source: eBible.org. Typeset from the source files; no intended changes to scripture wording. BibleKenya is not endorsed by the rights holder.

Full source notice & licence · CC BY-SA 4.0 · SourceEdition imported 2026-10-25.

BibleKenya

Reader settings

Theme
Font
Alignment
Reading width

Saved in this browser and used offline too. Press ? for keyboard shortcuts.