Skip to content
BibleKenya

Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures 2020

Psalmowo 93

Yehowa le fia ɖum, eta gãnyenye,

Yehowa ta gãnyenye, eye ŋusẽ le esi.

Eli ke xexea me, maʋã o.

Woɖo wò fiazikpui anyi tso blema ke,

eye nèli tso mavɔ me ke.

Atsiaƒuwo dze agbo, o Yehowa,

atsiaƒuwo le ɣli dom,

atsiaƒuwo dze agbo,

eye woƒe tsotsoewo le ŋeŋem.

Ke ètri akɔ wu tɔsisi gãwo ƒe gbeɖeɖe,

ètri akɔ wu atsiaƒu ƒe agbodzedze, ɛ̃,

Yehowa le dziƒo tri akɔ.

Wò sewo le te goŋgoŋgoŋ;

O! Yehowa, kɔkɔenyenye ɖo atsyɔ̃

na wò aƒe ɣeawo katã ɣi.

Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures 2020. Copyright © Biblica, Inc. Licensed under CC BY-SA 4.0. Source: Open.Bible. Typeset from the source files; no intended changes to scripture wording. BibleKenya is not endorsed by the rights holder.

Full source notice & licence · CC BY-SA 4.0 · SourceEdition imported 2026-11-09.

BibleKenya

Reader settings

Theme
Font
Alignment
Reading width

Saved in this browser and used offline too. Press ? for keyboard shortcuts.