Skip to content
BibleKenya

Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures 2020

Psalmowo 26

David ƒa ha.

O! Yehowa, tso afia nam,

elabena menɔ agbe si ŋu fɔɖiɖi mele o.

Meɖo dzi ɖe Yehowa ŋu,

nyemeʋã kpɔ gbeɖe o.

O! Yehowa, lolom, dom kpɔ;

eye nàdzro nye dzi kple tamesusu hã me,

elabena wò lɔlɔ̃ le ŋkunye me ɖaa,

eye mezɔna le wò nyateƒe la me ɣe sia ɣi.

Nyemanɔ anyi ɖe ameblelawo dome,

alo ade ha kple alakpanuwɔlawo o.

Metsri ame tovowo ƒe habɔbɔ,

eye megbe be nyemanɔ ame vɔ̃ɖiwo dome o.

Meklɔ nye asiwo le fɔmaɖimaɖi me,

eye meƒo xlã wò vɔsamlekpui, O! Yehowa,

hele wò kafukafuha dzim

kple ɣli le nukudɔ siwo katã nèwɔ la xlẽm fia.

O! Yehowa, melɔ̃ aƒe si me nèle,

afi si wò ŋutikɔkɔe le.

Mègatsɔ nye luʋɔ kpe ɖe nu vɔ̃ wɔlawo ŋuti

kple nye agbe kpe ɖe hlɔ̃dolawo ŋuti,

ame siwo ƒe asi me ɖoɖo vɔ̃ɖiwo le,

eye woƒe nuɖusime yɔ fũu kple zãnuxɔxɔ o.

Ke nye la, menɔ agbe si ŋu fɔɖiɖi mele o,

eya ta ɖem, eye nàkpɔ nublanui nam.

Nye afɔ le sɔsɔeƒe.

Makafu Yehowa le takpekpe gã la me.

Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures 2020. Copyright © Biblica, Inc. Licensed under CC BY-SA 4.0. Source: Open.Bible. Typeset from the source files; no intended changes to scripture wording. BibleKenya is not endorsed by the rights holder.

Full source notice & licence · CC BY-SA 4.0 · SourceEdition imported 2026-11-09.

BibleKenya

Reader settings

Theme
Font
Alignment
Reading width

Saved in this browser and used offline too. Press ? for keyboard shortcuts.