Skip to content
BibleKenya

Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures 2020

Psalmowo 121:1

Verse 1 is marked below, with the whole chapter around it. Read from the start

Mɔzɔha.

Mewu mo dzi ɖe togbɛawo ŋu,

afi ka nye xɔname atso ava?

Nye xɔname atso Yehowa,

ame si wɔ dziƒo kple anyigba la gbɔ.

Mana wò afɔ naɖiɖi o,

eya ame si dzɔa ŋuwò la madɔ akɔlɔ̃e o.

Vavã, eya ame si dzɔa Israel ŋu la,

madɔ akɔlɔ̃e loo, alo adɔ alɔ̃ o.

Yehowae nye tawòkpɔla,

Yehowae nye wò vɔvɔli le wò nuɖusime

eya ta ɣe maɖu wò le ŋkeke me loo,

alo ɣleti le zã me o.

Yehowa aɖe wò le vɔ̃wo katã me,

eye wòakpɔ wò agbe ta.

Yehowa adzɔ wò vava kple wò dzodzo ŋuti,

fifia yi ɖase mavɔmavɔ me.

Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures 2020. Copyright © Biblica, Inc. Licensed under CC BY-SA 4.0. Source: Open.Bible. Typeset from the source files; no intended changes to scripture wording. BibleKenya is not endorsed by the rights holder.

Full source notice & licence · CC BY-SA 4.0 · SourceEdition imported 2026-11-09.

BibleKenya

Reader settings

Theme
Font
Alignment
Reading width

Saved in this browser and used offline too. Press ? for keyboard shortcuts.