Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures 2020
Psalmowo 110
David ƒe ha.
Yehowa gblɔ na nye Aƒetɔ la be,
“Nɔ anyi ɖe nye nuɖusime,
va se ɖe esime matsɔ wò futɔwo
awɔ wò afɔɖodzinui.”
Yehowa adidi wò ŋusẽ ƒe fiatikplɔ ɖe edzi tso Zion,
eye àɖu fia le wò futɔwo dome.
Wò aʋakɔwo alɔ̃ faa ade megbe na wò le wò aʋakpegbe.
Ànɔ atsyɔ̃ɖoɖo kɔkɔe,
si do go tso fɔŋli ƒe dɔ me ke la me,
axɔ wò ɖekakpuimezãmu.
Yehowa ka atam,
eye matrɔ eƒe susu akpɔ o, be
“Wòe nye nunɔla tegbee,
le Melkizedek ƒe ɖoɖo la nu.”
Aƒetɔ la le wò nuɖusime,
agbã fiawo nyanyanya le eƒe dɔmedzoeŋkeke la dzi.
Adrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo, eye wòali kɔ woƒe kukuawo,
nenema ke wòagbã dziɖulawo le anyigba blibo la dzi.
Ano tsi le tɔʋu si le mɔto la me,
eya ta afɔ eƒe ta dzi.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures 2020. Copyright © Biblica, Inc. Licensed under CC BY-SA 4.0. Source: Open.Bible. Typeset from the source files; no intended changes to scripture wording. BibleKenya is not endorsed by the rights holder.
Full source notice & licence · CC BY-SA 4.0 · SourceEdition imported 2026-11-09.