Skip to content
BibleKenya

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™

Hawo 8

Anukwareɖiɖi si anɔ anyi ɖaa

Ɖe nànɔ nam abe nɔviŋutsu

si no danye ƒe no la ene!

Ekema ne medo go wò le kpɔdome la,

magbugbɔ nu na wò,

eye ame aɖeke mado vlom o.

Makplɔ wò adzoe, ayi ɖe danye,

ame si fia num la ƒe aƒe me.

Mana wain si me wode atike ʋeʋĩi

kple atɔtɔŋutitsi la wò nàno.

Eƒe miabɔ le nye ta te,

eye wòtsɔ eƒe ɖusibɔ kpla kɔ nam.

Yerusalem vinyɔnuwo, meta mi:

migaʋuʋu alo mianyɔ lɔlɔ̃ o,

va se ɖe esi eya ŋutɔ nalɔ̃ hafi.

Ame kae nye esi gbɔna tso gbegbe,

eye wòziɔ ɖe eƒe lɔlɔ̃tɔ ŋu?

Menyɔ wò le apluti te;

afi mae dawò fɔ wò fu le,

afi mae ame si le ku lém la dzi wò ɖo.

Lém ɖe wò dzi kple wò abɔ ŋuti abe nutrenu ene.

Elabena lɔlɔ̃ sesẽ wu ku,

eye ŋuʋaʋã gbea tanana abe yɔdo ene.

Ebina abe dzo ene,

eye wòflana abe Yehowa ƒe dzo ene.

Tsi geɖe mate ŋu atsi lɔlɔ̃ ƒe dzo o,

eye tɔsisi aɖeke mate ŋu akplɔe dzoe o.

Ne ame aɖe atsɔ eƒe aƒemekesinɔnuwo katã

ana ɖe lɔlɔ̃ ta la,

anye alɔmeɖenu wòawɔ.

Nɔvinyɔnu ɖetugbivi aɖe le mía si

mekpɔ te no haɖe o.

Nu ka míawɔ na mía nɔvinyɔnu la

gbe si gbe woava bia eta?

Nenye glie wònye la,

míatsɔ klosalo atu xɔ tsrala ɖe edzi.

Nenye agboe wònye la,

míatsɔ sedaʋuƒowo aklã ɖe eŋuti godoo.

Menye gli, eye nye nowo

le abe xɔ tsralawo ene.

Ale mele eƒe ŋkume abe

ame si tsɔ dzidzeme vɛ la ene.

Waingble le Solomo si le Baal Hamon;

eye wòtsɔ agble la de asi na agbledzikpɔlawo,

be wo dometɔ ɖe sia ɖe nana klosalo

kilogram wuiɖekɛ kple afã ɖe waintsetseawo ta.

Nye ŋutɔ nye waingble le asinye be matsɔ ana;

O Solomo, klosalo kilogram wuiɖekɛ kple afã la nye tɔwò,

eye kilogram eve kple afã nye agbledzikpɔlawo tɔ.

Wò ame si le abɔwo me,

eye xɔlɔ̃wo ƒo xlã wò,

na mase wò gbe!

Nye lɔlɔ̃tɔ,

si va, eye nànɔ abe sãde

alo zivi si le gbe ʋeʋĩwo ƒe towo dzi la ene.

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™. Copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Licensed under CC BY-SA 4.0. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Source: eBible.org. Typeset from the source files; no intended changes to scripture wording. BibleKenya is not endorsed by the rights holder.

Full source notice & licence · CC BY-SA 4.0 · SourceEdition imported 2026-10-25.

BibleKenya

Reader settings

Theme
Font
Alignment
Reading width

Saved in this browser and used offline too. Press ? for keyboard shortcuts.