Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Hawo 3
Lɔlɔ̃tɔ ƒe anukwareɖiɖi
Medi ame si nye dzi lɔ̃na la
le nye aba dzi zã blibo la katã;
medii, gake nyemekpɔe o.
Matso azɔ ayi aɖadii le dua me,
le ablɔwo dzi kple kpɔdomewo.
Matsa adi ame si nye dzi lɔ̃na la,
ale medii ʋuu keke, gake nyemekpɔe o.
Esi mele tsatsam le dua me
le edim la, medo go zãdzɔlawo,
eye mebia wo be,
“Miekpɔ ame si nye dzi lɔ̃na la mahã?”
Nyemekpɔ dze le wo ŋu hafi kpɔ
ame si nye dzi lɔ̃na la o.
Meku ɖe eŋu goŋgoŋgoŋ be madzo o,
va se ɖe esime mekplɔe yi danye ƒe aƒe me,
yi ɖe ame si dzim la ƒe xɔ me.
Yerusalem nyɔnuviwo,
meta sãde kple zinɔ le gbe me na mi be,
“Migaʋuʋu lɔlɔ̃ alo anyɔe o,
va se ɖe esime eya ŋutɔ nalɔ̃ hafi.”
Xɔlɔ̃ ƒe atsyɔ̃ɖoɖo
Ame kae nye esi gbɔna tso gbegbe abe dzudzɔ babla
si wotɔtɔ kple lifi kple atike ʋeʋĩ si wowɔ
kple nu vovovo siwo woƒle le asitsalawo si la ene?
Kpɔ ɖa, Solomo ƒe tasiaɖam ye!
Kalẽtɔ blaade
siwo nye aʋakalẽtɔ akuakuawo tso Israel
ƒe aʋakɔwo dome la le eŋu dzɔm.
Wo katã wota yi ɖe aklito,
wobi ɖe aʋawɔwɔ me,
woƒe asiwo le woƒe yiwo dzi,
eye wole klalo na zãmeŋɔdzi ɖe sia ɖe.
Fia Solomo ŋutɔe wɔ tasiaɖam la na eɖokui,
ewɔe kple ʋuƒo siwo wotsɔ tso Lebanon.
Ewɔ eƒe afɔtiwo kple klosalo,
eye wòwɔ egɔme kple sika.
Wotsɔ agovɔ nyuitɔ wɔ zikpui si le eme,
eye wotsɔ Yerusalem nyɔnuviwo ƒe lɔlɔ̃ ɖo atsyɔ̃ na emee.
Mi Zion vinyɔnuwo,
mido go va kpɔ Fia Solomo si ɖɔ fiakuku,
kuku si dadaa ɖɔ nɛ le eƒe srɔ̃ɖegbe,
gbe si gbe eƒe dzi kpɔ dzidzɔ vevie la ɖa.
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™. Copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Licensed under CC BY-SA 4.0. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Source: eBible.org. Typeset from the source files; no intended changes to scripture wording. BibleKenya is not endorsed by the rights holder.
Full source notice & licence · CC BY-SA 4.0 · SourceEdition imported 2026-10-25.