Skip to content
BibleKenya

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™

Nyaɖeɖefia 15

Mawudɔla adreawo kple dɔvɔ̃ adreawo

Eye mekpɔ dzesi gã wɔnuku bubu le dziƒo: mawudɔla siwo lé dɔvɔ̃ adre mamlɛawo ɖe asi, mamlɛawo, elabena woawo me wowu Mawu ƒe dɔmedzoe nu le. Azɔ la, mekpɔ nane si le abe atsiaƒu si le abe ahuhɔ̃e si me biã hẽe abe dzo ene la, eye ame siwo ɖu lã wɔadã la kple eƒe legba kpakple eƒe ŋkɔ ƒe xexlẽmedzesi dzi la le tsitre ɖe atsiaƒu la to. Wolé kasaŋku siwo Mawu tsɔ na wo la ɖe asi, eye wodzi Mose, Mawu ƒe dɔla ƒe ha kple Alẽvi la ƒe ha be,

“Aƒetɔ Mawu, Ŋusẽkatãtɔ,

Wò nuwɔnawo lolo, eye wowɔ nuku.

Wò dukɔwo ƒe fia, wò mɔwo le dzɔdzɔe,

eye wonye nyateƒe.

O Aƒetɔ, ame kae mavɔ̃ wò,

eye wòatsɔ ŋutikɔkɔe ana wò ŋkɔ o?

Elabena wò koe le kɔkɔe.

Dukɔwo katã ava,

eye woasubɔ wò,

elabena woɖe wò nu dzɔdzɔe wɔwɔwo fia.”

Le esia megbe la, mekpɔ gbedoxɔ si le dziƒo si nye ɖaseɖiɖi ƒe agbadɔ la wònɔ ʋuʋu. Mawudɔla adre siwo lé dɔvɔ̃ adreawo ɖe asi la do tso gbedoxɔ la me. Wodo aklala biɖibiɖi ƒe awu dzadzɛwo, eye wotsɔ sikalidziblaka tso gae ɖe akɔta. Tete nu gbagbe eneawo dometɔ ɖeka tsɔ sikagba adre siwo yɔ fũu kple Mawu ƒe dɔmedzoe helĩhelĩ, Mawu si le agbe tegbetegbe la, na mawudɔla adreawo, eye gbedoxɔ la me yɔ fũu kple dzudzɔ si tso Mawu ƒe ŋutikɔkɔe kple eƒe ŋusẽ gbɔ la. Ame aɖeke mete ŋu ge ɖe gbedoxɔ la me o, va se ɖe esime mawudɔla adreawo ƒe dɔvɔ̃ adreawo nu va yi.

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™. Copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Licensed under CC BY-SA 4.0. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Source: eBible.org. Typeset from the source files; no intended changes to scripture wording. BibleKenya is not endorsed by the rights holder.

Full source notice & licence · CC BY-SA 4.0 · SourceEdition imported 2026-10-25.

BibleKenya

Reader settings

Theme
Font
Alignment
Reading width

Saved in this browser and used offline too. Press ? for keyboard shortcuts.