Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Psalmowo 98
Hadzidzi.
Midzi ha yeye na Yehowa, elabena ewɔ nu dzɔatsuwo;
eƒe nuɖusi kple eƒe abɔ kɔkɔe la wɔ ɖeɖedɔ nɛ.
Yehowa na wonya eƒe ɖeɖe, eye wòklo nu
le eƒe dzɔdzɔenyenye dzi na dukɔwo.
Eɖo ŋku eƒe lɔlɔ̃
kple nuteƒewɔwɔ dzi na Israel ƒe aƒe la,
eye anyigba ƒe mlɔenu ke hã
kpɔ míaƒe Mawu la ƒe ɖeɖe.
Mi anyigbawo katã,
mido dzidzɔɣli na Yehowa,
migli kple hadzidzi kple saŋkuƒoƒo.
Midzi ha na Yehowa kple kasaŋku,
mitsɔ kasaŋku, hadzidzi,
kpẽkuku kple lãdzokuku
kpakple dzidzɔɣli do ɖe Yehowa, fia la ŋkume.
Mina atsiaƒu kple nu siwo katã le eme la nado ɣli,
anyigba kple edzinɔlawo katã hã.
Mina tɔsisiwo naƒo asikpe,
eye towo katã nadzi ha ɖekae le dzidzɔkpɔkpɔ ta.
Wonedzi ha le Yehowa ŋkume,
elabena eva ʋɔnu drɔ̃ ge anyigba la.
Adrɔ̃ ʋɔnu anyigba la le dzɔdzɔenyenye me
kple dukɔwo ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe.
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™. Copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Licensed under CC BY-SA 4.0. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Source: eBible.org. Typeset from the source files; no intended changes to scripture wording. BibleKenya is not endorsed by the rights holder.
Full source notice & licence · CC BY-SA 4.0 · SourceEdition imported 2026-10-25.