Skip to content
BibleKenya

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™

Psalmowo 84

Korah ƒe viwo ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe gitit ƒe gbeɖiɖi nu.

O! Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ,

wò nɔƒe dzeani loo!

Yehowa, wò xɔxɔnuwo

le nye luʋɔ dzrom kutɔkutɔe.

Nye dzi kple ŋutilã

le vivi dom ɖe Mawu gbagbe la ŋu.

O! Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ,

Fianye kple Mawunye,

sagbadre gɔ̃ hã kpɔ nɔƒe,

eye atsutsrɔe wɔ atɔ na eɖokui,

afi si wòatsɔ viawo ada ɖo,

be wòate ɖe wò vɔsamlekpui la ŋu.

Woayra ame siwo nɔa wò aƒe me la,

elabena wole kafuwòm ɖaa. Sela

Woayra ame siwo ƒe ŋusẽ le mewò,

ame siwo ƒe dzi ku ɖe xɔsemɔzɔzɔ ŋuti.

Ne woto Baka Balime la,

wowɔnɛ wòzua tsidzɔƒewo,

eye kelemetsi tsyɔa edzi kple yayra.

Wole azɔli dzi tso ŋusẽ me yi ŋusẽ me va se ɖe

esime wo dometɔ ɖe sia ɖe nado ɖe Mawu ŋkume le Zion.

Yehowa, Mawu Ŋusẽkatãtɔ;

O! Yakob ƒe Mawu,

ɖo to nye gbedodoɖa. Sela

O! Mawu, nye kɔ nàkpɔ míaƒe akpoxɔnu,

eye nakpɔ wò amesiamina la kple amenuveve.

Ŋkeke ɖeka le wò xɔxɔnu nyo wu akpe le afi aɖe;

enyo be manye agbonudzɔla

le Mawu ƒe aƒe me wu be manɔ

ame vɔ̃ɖi ƒe agbadɔ me,

elabena Yehowa Mawue nye ɣe kple akpoxɔnu.

Yehowae naa amenuveve kple bubu,

eye metea nu nyui ame siwo fɔɖiɖi

mele woƒe zɔzɔme ŋu o.

O! Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ,

woayra ŋutsu si ɖoa dzi ɖe ŋuwò la.

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™. Copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Licensed under CC BY-SA 4.0. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Source: eBible.org. Typeset from the source files; no intended changes to scripture wording. BibleKenya is not endorsed by the rights holder.

Full source notice & licence · CC BY-SA 4.0 · SourceEdition imported 2026-10-25.

BibleKenya

Reader settings

Theme
Font
Alignment
Reading width

Saved in this browser and used offline too. Press ? for keyboard shortcuts.