Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Psalmowo 82
Asaf ƒe ha.
Mawu nɔ zi me na takpekpe gã la,
eye wòdrɔ̃ ʋɔnu le “mawuwo” dome.
“Va se ɖe ɣe ka ɣi miaʋli ame baɖa la ta,
eye miatso afia ade ame vɔ̃ɖi la dzi?” Sela
“Miʋli ame gblɔewo kple tsyɔ̃eviwo ta,
eye miwɔ dɔmenyo na hiãtɔwo kple ame siwo wote ɖe to.
Mixɔ na ame gblɔewo kple hiãtɔwo,
eye miɖe wo tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me.
“Womenya naneke o, womese naneke gɔme o.
Wole zɔzɔm le blukɔ me,
eye anyigba ƒe agunuwo katã ʋuʋu.
“Megblɔ be, ‘Mawuwoe mienye;
mi katã mienye Dziƒoʋĩtɔ la ƒe viŋutsuwo’,
gake miaku abe amegbetɔwo ko ene
eye miatsi aʋa abe fia ɖe sia ɖe ko ene.”
O! Mawu, tso, eye nàdrɔ̃ ʋɔnu anyigba la
elabena dukɔwo katã nye wò domenyinu.
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™. Copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Licensed under CC BY-SA 4.0. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Source: eBible.org. Typeset from the source files; no intended changes to scripture wording. BibleKenya is not endorsed by the rights holder.
Full source notice & licence · CC BY-SA 4.0 · SourceEdition imported 2026-10-25.