Skip to content
BibleKenya

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™

Psalmowo 80

Asaf ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe “Nubabla ƒe Dzogbenya” ƒe gbeɖiɖi nu.

O, Israel ƒe Kplɔla, ɖo to mí,

wò ame si kplɔ Yosef ƒe dzidzimeviwo abe lãha ene;

wò ame si nɔ anyi ɖe kerubiwo titina gli,

klẽ le Efraim, Benyamin kple Manase ŋgɔ.

Nyɔ wò ŋusẽ,

va nàxɔ na mí.

O! Mawu, gaɖo mí te;

na wò mo naklẽ ɖe mía dzi,

be míakpɔ xɔxɔ.

O! Yehowa, Mawu Ŋusẽkatãtɔ,

va se ɖe ɣe ka ɣi wò dɔmedzoe abi ɖe

wò dukɔ ƒe gbedodoɖa ŋu?

Èna aɖatsibolo wo woɖu,

eye nèna aɖatsi wo wono taŋtaŋ.

Ètsɔ mí wɔ dzrewɔnui na míaƒe aƒelikawo,

eye míaƒe futɔwo ɖe alɔme le mía ŋu.

O! Mawu, Ŋusẽkatãtɔ, gaɖo mí te;

na wò mo naklẽ ɖe mía dzi,

be míakpɔ xɔxɔ.

Ètsɔ wainka tso Egipte,

ènya dukɔwo, eye nèdoe.

Èdzra eŋuti ɖo nyuie,

eye wòto ke hevu tsyɔ anyigba.

Edo vɔvɔli ɖe towo tame

eye wòɖe alɔ de sedati kɔkɔwo tame.

Eɖe alɔ yi ɖe keke ƒuta ke,

eye eƒe kewo yi ɖe keke Frat tɔsisi la nu ke.

Nu ka ŋuti nègbã kpɔ le eŋu,

ale be ame siwo to afi ma yi la fɔ wain tsetsewo?

Gbehawo nya avuzi le edzi,

eye gbemelãwo ɖui.

Trɔ va mía gbɔ, O Mawu, Ŋusẽkatãtɔ!

Do kɔ ɖa tso dziƒo, eye nàkpɔ nu!

Kpɔ wainka sia ta,

ke si wò nuɖusi do,

viŋutsu si wò ŋutɔ nèhe wòtsi.

Wolã wò wainka,

wotɔ dzoe, eye wò mokaname na wò amewo tsrɔ̃.

Wò asi nenɔ ŋutsu si le wò nuɖusime,

amegbetɔvi si nènyi na ɖokuiwò la dzi.

Ekema míatrɔ le yowòme o;

gbɔ agbe mí, eye míayɔ wò ŋkɔ.

O! Yehowa, Mawu Ŋusẽkatãtɔ, gaɖo mí te;

na wò mo nàklẽ ɖe mía dzi be míakpɔ xɔxɔ.

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™. Copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Licensed under CC BY-SA 4.0. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Source: eBible.org. Typeset from the source files; no intended changes to scripture wording. BibleKenya is not endorsed by the rights holder.

Full source notice & licence · CC BY-SA 4.0 · SourceEdition imported 2026-10-25.

BibleKenya

Reader settings

Theme
Font
Alignment
Reading width

Saved in this browser and used offline too. Press ? for keyboard shortcuts.