Skip to content
BibleKenya

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™

Psalmowo 77

Asaf ƒe ha na Hɛnɔ Yedutun.

Medo ɣli na Mawu be wòaxɔ nam;

medo ɣli na Mawu be wòaɖo tom.

Esi meɖo xaxa me la, medi Aƒetɔ la;

le zã me la, meke nye abɔwo me, gake ɖeɖi mete wo ŋu o,

eye nye luʋɔ gbe akɔfafaxɔxɔ.

O! Mawu, meɖo ŋku dziwò, eye meɖe hũu.

Mele ŋeŋem, eye nu te nye gbɔgbɔ ŋu. Sela

Èna nye ŋkuwo gbe miamia;

fuɖeɖewo sɔ gbɔ ale gbegbe be

nyemate ŋu aƒo nu o.

Mebu gbe aɖe gbe ŋkekewo

kple blemaƒewo ŋu.

Tete meɖo ŋku ha siwo medzina le zã me la dzi.

Nye dzi gbã, eye nye gbɔgbɔ bia be:

“Ɖe Aƒetɔ la agbe ame tegbetegbea?

Ɖe magave ame nu akpɔ oa?

Ɖe eƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o la vɔ tegbetegbea?

Ɖe eƒe ŋugbedodo vɔ hena ɣeyiɣiawo katã?

Ɖe Mawu ŋlɔ nublanuikpɔkpɔ bea?

Ɖe wòɖo asi eƒe dɔmenyonyo dzi le dɔmedzoe ta?” Sela

Tete megblɔ be,

“Dziƒoʋĩtɔ la ƒe nuɖusi ƒe ƒewo ko maƒo koko na.”

Maɖo ŋku Yehowa ƒe nuwɔwɔwo dzi,

ɛ̃, maɖo ŋku nukunu siwo nèwɔ le blema la dzi.

Made ŋugble le wò dɔwɔwɔwo katã ŋu,

eye mabu ta me le wò nuwɔwɔ dzɔatsuwo ŋu.

O! Mawu, wò mɔwo le kɔkɔe

mawu kae lolo abe míaƒe Mawu la ene?

Wòe nye Mawu si wɔ nukunuwo,

eye nèɖe wò ŋusẽ fia le dukɔwo dome.

Ètsɔ wò abɔ sesẽ la ɖe wò dukɔ la,

ame siwo nye Yakob kple Yosef ƒe dzidzimeviwo. Sela

O! Mawu, tsiwo kpɔ wò,

tsiwo kpɔ wò, eye woŋe,

gogloƒewo ke hã dzo nyanyanya.

Lilikpo ɖuɖu tsi bababa,

dziŋgɔli ɖe gbe, eye wò aŋutrɔwo klẽ dzo bibibi, yi gagbɔ.

Wose wò gbeɖeɖe le yali me,

wò dzikedzo klẽ ɖe xexea me,

eye anyigba ʋuʋu hedzo nyanyanya.

Wò mɔ to atsiaƒu me, eye wò toƒe

le tɔ gãwo me, gake womekpɔa wò afɔteƒe o.

Èkplɔ wò dukɔ abe alẽha ene,

to Mose kple Aron ƒe asiwo dzi.

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™. Copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Licensed under CC BY-SA 4.0. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Source: eBible.org. Typeset from the source files; no intended changes to scripture wording. BibleKenya is not endorsed by the rights holder.

Full source notice & licence · CC BY-SA 4.0 · SourceEdition imported 2026-10-25.

BibleKenya

Reader settings

Theme
Font
Alignment
Reading width

Saved in this browser and used offline too. Press ? for keyboard shortcuts.