Skip to content
BibleKenya

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™

Psalmowo 71

O! Yehowa, mewòe mebe ɖo,

mègana ŋu nakpem akpɔ gbeɖe o.

Xɔ nam, eye nàɖem le wò dzɔdzɔenyenye la ta;

trɔ wò to ɖe gbɔnye, eye nàxɔ nam.

Nye sitsoƒe ƒe agakpe,

afi si mate ŋu abe ɖo ɣe sia ɣi.

Ɖe gbe be woaxɔ nam,

elabena wòe nye nye agakpe kple mɔ sesẽ.

O! Nye Mawu, ɖem tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me,

eye nàɖem tso nu tovo wɔlawo

kple ŋutasẽlawo ƒe fego me.

Elabena tso ɣe aɖe ɣi ke, wòe nye nye mɔkpɔkpɔ

kple nye dzideƒo tso nye ɖekakpuime ke,

O! Aƒetɔ Yehowa.

Tso nye dzigbe ke,

wò ko ŋu meku ɖo,

elabena wòe ɖem tso danye ƒe dɔ me,

eya ta makafu wò ɖaa.

Mezu nu maɖinu na ame geɖewo,

gake wòe nye nye mɔ sesẽ.

Wò kafukafu yɔ nye nu me,

eye meɖea gbeƒã wò atsyɔ̃ŋkeke blibo la.

Mègatsɔm ƒu gbe, ne meku amegã o,

eye mègagblẽm ɖi ne ŋusẽ vɔ le ŋunye o.

Elabena nye futɔwo ƒo nu tsi tsitre ɖe ŋunye,

eye ame siwo le lalam be yewoawum la,

wɔ ɖeka ɖo nugbe ɖe ŋunye.

Wogblɔ be, “Mawu gblẽe ɖi, míti eyome,

míalée, elabena ame aɖeke mava axɔ nɛ o.”

O! Mawu, mèganɔ adzɔge tso gbɔnye o,

O! Nye Mawu, va kaba nàxɔ nam.

Na be nunyetsolawo natsrɔ̃ kple ŋukpe,

eye nàna be vlododo kple ŋukpe natsyɔ

ame siwo di be yewoawɔ nuvevim la dzi.

Ke nye ya la, mɔkpɔkpɔ anɔ asinye ɖaa,

eye makafu wò, agakafu wò ɖe edzi.

Nye nu aɖe gbeƒã wò dzɔdzɔenyenye

kple wò xɔname ŋkeke blibo la,

togbɔ be nyemenya eƒe kpekpeme o hã.

Mava aɖe gbeƒã wò nu dzɔatsuwo,

O Aƒetɔ Yehowa.

Maɖe gbeƒã wò dzɔdzɔenyenye,

wò ɖeka tɔ ko.

O! Mawu; tso nye ɖekakpuime ke,

nèfia num, eye va se ɖe egbe la,

mele gbeƒã ɖem wò nu dzɔatsuwo.

O! Mawu, ne metsi,

ƒo wɔ hã la, mègagblẽm ɖi o,

va se ɖe esime maɖe gbeƒã wò ŋusẽ

na dzidzime si ava dzɔ

kple wò ŋusẽ na ame siwo woava dzi.

O! Mawu, wò dzɔdzɔenyenye yi ɖatɔ dziŋgɔli ke,

wò ame si wɔ nu dzɔatsu geɖewo.

O! Mawu, ame kae le abe wò ene?

Togbɔ be èna mekpɔ xaxa geɖe kple vevesese hã la,

àgaɖo nye agbe te, eye àva kplɔm

ado goe tso anyigba ƒe tume ke.

Àdzi nye bubu ɖe edzi,

eye àgafa akɔ nam.

O! Nye Mawu, makafu wò kple kasaŋku

le wò nuteƒewɔwɔ ta;

madzi kafukafuha na wò kple gasaŋku,

O! Israel ƒe Kɔkɔetɔ.

Nye nuyiwo ado dzidzɔɣli,

ne mele kafukafuhawo dzim na wò,

nye ame si nèɖe.

Nye aɖe agblɔ wò dzɔdzɔenyenye

ƒe dɔwo ŋkeke blibo la,

elabena ŋukpe kple tɔtɔ va

ame siwo di be yewoawɔ nuvevim la dzi.

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™. Copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Licensed under CC BY-SA 4.0. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Source: eBible.org. Typeset from the source files; no intended changes to scripture wording. BibleKenya is not endorsed by the rights holder.

Full source notice & licence · CC BY-SA 4.0 · SourceEdition imported 2026-10-25.

BibleKenya

Reader settings

Theme
Font
Alignment
Reading width

Saved in this browser and used offline too. Press ? for keyboard shortcuts.