Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Psalmowo 66
Ha na hɛnɔ la.
Mi anyigbawo katã mido ɣli,
mitso aseye ɖe Mawu ŋu!
Midzi eƒe ŋkɔ ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ha;
mikafu Mawu ƒe gãnyenye!
Migblɔ na Mawu be,
“Wò dɔwɔwɔwo dziŋɔ loo!
Wò ŋusẽ tri akɔ ale gbegbe be,
wò futɔwo de ta agu na wò.
Anyigba la katã de ta agu na wò,
wole kafukafuha dzim na wò,
wole kafukafuha dzim na wò ŋkɔ.” Sela
Va, nàkpɔ nu si Mawu wɔ,
ale si le amegbetɔwo ta wòwɔ ŋɔdzidɔ geɖewo!
Etrɔ atsiaƒu wòzu anyigba ƒuƒui,
wozɔ afɔ to tsi la titina;
miva míatso aseye le eya amea me.
Ele fia ɖum kple eƒe ŋusẽ tegbee,
eƒe ŋku le dukɔwo ta kpɔm,
aglãdzela aɖeke megatso ɖe eŋuti o. Sela
O! Mi dukɔwo, mikafu míaƒe Mawu la;
mina eƒe kafukafu nade dzi woase.
Eyae kpɔ míaƒe agbe ta,
eye mena míaƒe afɔ ɖiɖi o.
Elabena O Mawu, wòe do mí kpɔ,
wòe lolõ mí abe klosalo ene.
Wòe de mí gaxɔ me,
eye nèdo agba ɖe megbe na mí.
Èna amewo zɔ míaƒe ta dzi,
eye míeto dzo me kple tɔ me,
gake èkplɔ mí va anyigba
si dzi nuwo do agbogbo ɖo fũu.
Mava wò gbedoxɔ me kple numevɔsa,
eye maxe nye adzɔgbeɖefewo na wò,
adzɔgbe siwo nye nuyi ɖe,
eye nye nu ɖe gbeƒã wo, esi meɖo xaxa me.
Matsɔ lã damiwo kple agbowo asa numevɔe na wò,
hekpe ɖe nyitsuwo kple gbɔ̃wo ŋuti. Sela
Miva se, mí ame siwo katã vɔ̃a Mawu;
mina magblɔ nu siwo wòwɔ nam la na mi.
Metsɔ nye nu do ɣli nɛ,
eƒe kafukafu le nye aɖe dzi.
Ɖe mena nɔƒe nu vɔ̃ le nye dzi me la,
ne Aƒetɔ la meɖo tom o,
gake Mawu ɖo tom vavã,
eye wòse nye gbe le gbedodoɖa me.
Woakafu Mawu, ame si medo toku nye gbedodoɖa,
alo te eƒe lɔlɔ̃ ɖa le gbɔnye o!
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™. Copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Licensed under CC BY-SA 4.0. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Source: eBible.org. Typeset from the source files; no intended changes to scripture wording. BibleKenya is not endorsed by the rights holder.
Full source notice & licence · CC BY-SA 4.0 · SourceEdition imported 2026-10-25.