Skip to content
BibleKenya

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™

Psalmowo 58

David ƒe nufiameha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe “Mègagblẽ nu o” ƒe gbeɖiɖi nu.

Ɖe mi dziɖulawo mietoa nyateƒea?

Ɖe mietsoa afia dzɔdzɔe na amewoa?

Ao, nu madzɔmadzɔ wɔwɔ boŋ míeɖo ɖe miaƒe dziwo me,

eye míaƒe asiwo wɔa ŋutasẽnu le anyigba dzi.

Ame vɔ̃ɖiwo tra mɔ tso keke woƒe vidzĩ me ke,

eye tso wo dadawo ƒe dɔ me ke,

wodze aglã, hedaa alakpa.

Woƒe aɖi le abe da ƒe aɖi ene.

Egale abe ƒli si xe nu eƒe to me ene,

eye ne gbesala ɖe gbe nɛ la, mewɔa edzi o;

aleke gbegbee dzotɔ la bi ɖe gbesasa mee hã la, mesenɛ o.

O, Mawu, ŋe aɖu ɖe nu me na wo,

O, Yehowa, tu tsyo na dzata la!

Wo nu neyi abe tsi si si va yi la ene.

Ne wovu woƒe dawo me la,

woƒe aŋutrɔwo nu netsi.

Wole abe abɔbɔ si va yi, eye etoƒe bu la ene.

Wonenɔ abe fu gege ene, be womakpɔ ɣe o.

Hafi miaƒe zewo nase ŋutidzo si wodo ɖe wo te ŋkɔ,

eɖanye mumua, alo ƒuƒua o,

woakplɔ ame vɔ̃ɖi la adzoe.

Ame dzɔdzɔewo akpɔ dzidzɔ,

ne wole hlɔ̃ biam ɖe wo nu,

eye wole woƒe afɔwo klɔm ɖe

ame vɔ̃ɖiwo ƒe ʋu me.

Ekema amewo agblɔ be,

“Vavã, wogale eteƒe ɖom na ame dzɔdzɔe,

eye Mawu aɖe li si drɔ̃a ʋɔnu anyigba vavã.”

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™. Copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Licensed under CC BY-SA 4.0. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Source: eBible.org. Typeset from the source files; no intended changes to scripture wording. BibleKenya is not endorsed by the rights holder.

Full source notice & licence · CC BY-SA 4.0 · SourceEdition imported 2026-10-25.

BibleKenya

Reader settings

Theme
Font
Alignment
Reading width

Saved in this browser and used offline too. Press ? for keyboard shortcuts.