Skip to content
BibleKenya

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™

Psalmowo 5

David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii kple kpẽ.

O! Yehowa, ɖo to nye nyawo,

eye nàse nye hũɖeɖe.

Fianye kple Mawunye,

ɖo to nye ɣlidodo,

elabena wòe mele gbe dom ɖa na.

O! Yehowa, le ŋdi me la, àse nye gbe;

le ŋdi me la, matsɔ nye biabiawo aɖo ŋkuwò me,

eye manɔ lalam kple mɔkpɔkpɔ.

Menye Mawu si kpɔa dzidzɔ le vɔ̃ ŋutie nènye o;

wò la, ame vɔ̃ɖiwo mate ŋu anɔ gbɔwò o.

Ɖokuiŋudzelawo mate ŋu atsi tsitre ɖe ŋkuwò me o;

elabena èlé fu nu vlo wɔlawo katã.

Ètsrɔ̃ aʋatsokalawo;

Yehowa tsri hlɔ̃dolawo kple ameblelawo.

Ke nye ya, mava wò aƒe me to wò nublanuikpɔkpɔ gã la me.

Matsɔ bubu ade ta agu ɖe wò gbedoxɔ kɔkɔe la ŋgɔ.

Kplɔm, O! Yehowa,

le wò dzɔdzɔenyenye nu le nye futɔwo ta,

eye wɔ wò mɔwo dzɔdzɔe le ŋkunye me.

Womate ŋu axɔ nya siwo doa go tso

woƒe nu me la ɖeka pɛ hã dzi ase o,

woƒe dzi yɔ fũu kple gbegblẽ.

Woƒe ve me le abe yɔdo si le ʋuʋu ɖi la ene,

eye wotsɔa woƒe aɖe gblɔa alakpanyawoe.

O! Mawu, bu fɔ wo!

Na be woƒe ayemɔwo naƒu wo anyi.

Ɖe wo ɖa le woƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta,

elabena wodze aglã ɖe ŋuwò.

Ke na ame siwo si wò tso la nakpɔ dzidzɔ,

eye na be woadzi ha kple dzidzɔ tegbee.

Keke wò ametakpɔkpɔ ɖe wo dzi,

ale be ame siwo lɔ̃ wò ŋkɔ la natso aseye le mewò.

O! Yehowa, èyraa ame dzɔdzɔewo vavã,

eye nètsɔa wò amenuveve ƒoa xlã wo abe akpoxɔnu ene.

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™. Copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Licensed under CC BY-SA 4.0. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Source: eBible.org. Typeset from the source files; no intended changes to scripture wording. BibleKenya is not endorsed by the rights holder.

Full source notice & licence · CC BY-SA 4.0 · SourceEdition imported 2026-10-25.

BibleKenya

Reader settings

Theme
Font
Alignment
Reading width

Saved in this browser and used offline too. Press ? for keyboard shortcuts.