Skip to content
BibleKenya

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™

Psalmowo 43

O! Mawu, tso afia nam,

eye nàʋli tanye le mawumavɔ̃lawo dome,

ɖem tso ame vɔ̃ɖiwo kple ameblelawo ƒe asi me.

Wòe nye Mawu, nye mɔ sesẽ.

Nu ka ta nègbem ɖo?

Nu ka ta manɔ yiyim, anɔ nu xam

le nye futɔwo ƒe teteɖeanyi ta ɖo?

Ɖo wò kekeli kple nyateƒe ɖa, ne woakplɔm;

na woakplɔm ayi ɖe wò to kɔkɔe la dzi, afi si nènɔna.

Ekema mayi ɖe Mawu ƒe vɔsamlekpui ŋgɔ,

Mawu si nye nye aseyetsotso kple nye dzidzɔ.

O! Mawu, nye Mawu, makafu wò kple kasaŋku.

O! Nye luʋɔ, nu ka ta nèle nu xam ɖo?

Nu ka ta nètsi dzodzodzoe le menye ɖo?

Tsɔ wò mɔkpɔkpɔ da ɖe Mawu dzi,

elabena magakafui,

eya ame si nye nye Ɖela kple nye Mawu.

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™. Copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Licensed under CC BY-SA 4.0. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Source: eBible.org. Typeset from the source files; no intended changes to scripture wording. BibleKenya is not endorsed by the rights holder.

Full source notice & licence · CC BY-SA 4.0 · SourceEdition imported 2026-10-25.

BibleKenya

Reader settings

Theme
Font
Alignment
Reading width

Saved in this browser and used offline too. Press ? for keyboard shortcuts.