Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Psalmowo 15
David ƒe ha.
Yehowa, ame kae dze anɔ wò kɔkɔeƒe la?
Ame kae anɔ wò togbɛ kɔkɔe la dzi?
Ame si fɔɖiɖi mele eƒe zɔzɔme ŋu o,
eye wòwɔa nu dzɔdzɔe lae.
Ame si toa nyateƒe tso eƒe dzi me ke
eye ameŋugbegblẽ mele aɖe dzi nɛ o,
ame si mewɔa vɔ̃ ɖe ehavi ŋu o,
eye meƒoa ɖi nɔvia amegbetɔ o,
ame si ame baɖa ƒe nu menyoa eŋu o,
ke boŋ edea bubu ame siwo vɔ̃a Yehowa la ŋuti,
ame si kaa atam si hea vevesese vanɛ,
gake megbea edziwɔwɔ o,
ame si medoa ga xɔa deme ɖe edzi o,
eye mexɔa zãnu ɖe ame maɖifɔ ŋuti o.
Ame si wɔa nu siawo la,
naneke maʋãe akpɔ gbeɖegbeɖe o.
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™. Copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Licensed under CC BY-SA 4.0. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Source: eBible.org. Typeset from the source files; no intended changes to scripture wording. BibleKenya is not endorsed by the rights holder.
Full source notice & licence · CC BY-SA 4.0 · SourceEdition imported 2026-10-25.