Skip to content
BibleKenya

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™

Psalmowo 147

Mikafu Yehowa.

Aleke mehenyoe be woadzi kafukafuha na míaƒe Mawu la o!

Aleke wòhevivina, eye wòdze be woakafui!

Yehowa gbugbɔ tso Yerusalem du la,

eye wòkplɔ Israel ƒe aboyomewo gbɔe.

Eda gbe le ame siwo ƒe dzi gbã la ŋu,

eye wòbla woƒe abiwo na wo.

Eyae ɖo xexlẽme na ɣletiviwo,

eye wòyɔa ɖe sia ɖe ƒe ŋkɔ.

Gãe nye míaƒe Aƒetɔ la,

eye eƒe ŋusẽ tri akɔ ŋutɔ,

seɖoƒe meli na eƒe gɔmesese o.

Yehowa kpɔa ame siwo bɔbɔa wo ɖokui la dzi,

ke etsɔ ame vɔ̃ɖi ya xlã ɖe anyigba.

Midzi ha na Yehowa kple akpedada,

eye miƒo ha na míaƒe Mawu la kple kasaŋku.

Etsɔa lilikpo xea yamee,

eye wònana tsi dzana ɖe anyigba la dzi hewɔnɛ be

gbe miena ɖe togbɛwo dzi.

Enaa nuɖuɖu nyiwo

kple akpaviã siwo le xɔxlɔ̃m nɛ.

Eƒe dzidzɔ mele sɔ ƒe ŋusẽ me loo,

alo amegbetɔ ƒe afɔ me o;

ke boŋ Yehowa ƒe dzidzɔkpɔkpɔ le ame siwo vɔ̃nɛ la me,

ame siwo tsɔa woƒe mɔkpɔkpɔ dana ɖe eƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o la dzi.

O! Yerusalem, do Yehowa ɖe dzi,

O! Zion, kafu wò Mawu la,

elabena eyae glã wò agbowo ƒe gametiwo,

eye wòyra ame siwo le mewò.

Ena ŋutifafa le wò liƒowo dzi,

eye wòtsɔ mɔlu nyuitɔ ɖi ƒo na wòe.

Eɖo eƒe sedede ɖe anyigba la dzi,

eye eƒe nya kaka kple du ɖo teƒewo.

Ekaka tsikpe abe ɖetifu ene,

eye wòkaka afu abe dzofi ene.

Eɖo kpetsi ɖe anyigba abe kpekui ene.

Ame ka ate ŋu anɔ te ɖe wò ya fafɛ la nu?

Edɔ eƒe nya ɖa, eye wòlolo wo.

Ede ŋusẽ eƒe yawo me, eye tsiwo de asi sisi me.

Eɖe eƒe nya fia Yakob eye wòɖe eƒe sewo

kple sededewo fia Israel.

Mewɔ esia na dukɔ bubu aɖeke o,

eye womenya eƒe sewo o.

Mikafu Yehowa.

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™. Copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Licensed under CC BY-SA 4.0. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Source: eBible.org. Typeset from the source files; no intended changes to scripture wording. BibleKenya is not endorsed by the rights holder.

Full source notice & licence · CC BY-SA 4.0 · SourceEdition imported 2026-10-25.

BibleKenya

Reader settings

Theme
Font
Alignment
Reading width

Saved in this browser and used offline too. Press ? for keyboard shortcuts.