Skip to content
BibleKenya

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™

Psalmowo 142

David ƒe nufiameha esi wònɔ agado me. Gbedodoɖa.

Medo ɣli na Yehowa sesĩe,

eye mekɔ nye gbe dzi na Yehowa be wòakpɔ nye nublanui.

Metrɔ nye nuxaxawo kɔ ɖe eŋkume,

eye metrɔ nye vevesesewo kɔ ɖe eya amea gbɔ.

Ne nu ti kɔ na nye gbɔgbɔ le menye la,

wò koe nya nye mɔ.

Ŋutsuwo tre mɔ

ɖe mɔ si metona la dzi nam.

Trɔ ɖe nye ɖusime ne nàkpɔ;

ame aɖeke metsɔ ɖeke le eme nam o.

Bebeƒe aɖeke meli nam o,

eye ame aɖeke metsɔ ɖeke le eme nam o.

O! Yehowa, wòe mele ɣli dom na.

Megblɔ be, “Wòe nye nye sitsoƒe,

kple nye gome le agbagbeawo ƒe anyigba dzi.”

Ɖo to nye ɣlidodo,

elabena meɖo xaxa me ŋutɔ.

Ɖem tso ame siwo le yonyeme tim la ƒe asi me,

elabena wosesẽ nam akpa.

Ɖem tso nye gaxɔ me,

be makafu wò ŋkɔ.

Ekema ame dzɔdzɔewo aɖe to ɖem,

le wò nyui si nèwɔ nam la ta.

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™. Copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Licensed under CC BY-SA 4.0. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Source: eBible.org. Typeset from the source files; no intended changes to scripture wording. BibleKenya is not endorsed by the rights holder.

Full source notice & licence · CC BY-SA 4.0 · SourceEdition imported 2026-10-25.

BibleKenya

Reader settings

Theme
Font
Alignment
Reading width

Saved in this browser and used offline too. Press ? for keyboard shortcuts.