Skip to content
BibleKenya

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™

Psalmowo 140

David ƒe ha na hɛnɔ la.

O! Yehowa, ɖem tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me

eye dzɔ ŋunye le ŋutsu ŋutasẽlawo ta,

ame siwo ɖoa nu vɔ̃ɖiwo ɖe woƒe dzi me,

eye wodoa aʋa gbe sia gbe.

Wonyre woƒe aɖewo wole ɖaɖam abe da tɔ ene,

eye da ƒe aɖi le woƒe nuyiwo ŋu. Sela

O! Yehowa, ɖem tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me,

dzɔ nye agbe ŋu le ŋutsu ŋutasẽlawo ta,

ame siwo ɖo be woaɖe afɔ le tenye.

Dada tre mɔ da ɖe ɣaɣlaƒe nam,

woɖo ɖɔ, keke eme da ɖi nam

eye wotre azãwo da ɖe nye toƒe. Sela

O! Yehowa, megblɔ na wò be,

“Wòe nye nye Mawu.”

See, o Yehowa,

se nye nublanuiɣli.

O! Aƒetɔ Yehowa, nye Ɖela sesẽ,

ame si ɖɔ gakuku nam le aʋakpegbe.

O! Yehowa, mègana ame vɔ̃ɖiwo ƒe didi nava eme na wo o,

eye mègana woƒe ɖoɖowo nadze edzi na wo o,

ne menye nenema o la, woanɔ dadam. Sela

Na fukpekpe si ame siwo ɖe to ɖem

ƒe nuyiwo he vɛ la, nanye tsyɔ woƒe ta dzi.

Na dzoka xɔxɔwo nadza ɖe wo dzi;

wonetsɔ wo ƒu gbe ɖe dzo me

kple ʋe globowo me, eye womegafɔ akpɔ gbeɖe o.

Ŋutsu ameŋugblẽlawo megali ke ɖe anyigba dzi o,

eye gbegblẽ neva ŋutsu ŋutasẽlawo dzi.

Menya be Yehowa tsoa afia na ame dahewo,

eye wòxɔa nya ɖe hiãtɔwo nu.

Ame dzɔdzɔewo akafu wò ŋkɔ vavã,

eye dzi dzɔdzɔetɔwo anɔ ŋkuwò me ɖaa.

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™. Copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Licensed under CC BY-SA 4.0. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Source: eBible.org. Typeset from the source files; no intended changes to scripture wording. BibleKenya is not endorsed by the rights holder.

Full source notice & licence · CC BY-SA 4.0 · SourceEdition imported 2026-10-25.

BibleKenya

Reader settings

Theme
Font
Alignment
Reading width

Saved in this browser and used offline too. Press ? for keyboard shortcuts.