Skip to content
BibleKenya

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™

Psalmowo 138

David ƒe ha.

O! Yehowa, makafu wò kple nye dzi blibo;

madzi wò kafukafuha le mawuwo ŋkume.

Made ta agu do ɖe wò gbedoxɔ kɔkɔe la gbɔ,

eye makafu wò ŋkɔ,

le wò lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ ta,

elabena èkɔ, wò ŋkɔ kple wò nya

gbɔ nu sia nu ta sãsãsã.

Ètɔ nam esi meyɔ wò, eye nède dzi ƒo nam,

hedo ŋusẽ nye dzi.

O! Yehowa, anyigbadzifiawo katã akafu wò,

ne wose wò numenya.

Na woadzi ha le Yehowa ƒe mɔwo ŋu,

elabena Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe lolo.

Togbɔ be Yehowa le dzi me ke hã la, ekpɔa ame dahewo gbɔ,

ke edzea si dadala tso adzɔge.

Togbɔ be mele zɔzɔm le xaxa me hã la,

èkpɔ nye agbe ta, eye nèkɔ wò asi dzi do ɖe

nye futɔwo ƒe dɔmedzoe ŋu,

hetsɔ wò nuɖusi xɔ nam.

Yehowa ana eƒe ta me si wòɖo ɖe ŋunye la nava eme.

O! Yehowa, wò lɔlɔ̃ li ɖaa,

mègagblẽ wò asinudɔwɔwɔwo ɖi o.

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™. Copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Licensed under CC BY-SA 4.0. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Source: eBible.org. Typeset from the source files; no intended changes to scripture wording. BibleKenya is not endorsed by the rights holder.

Full source notice & licence · CC BY-SA 4.0 · SourceEdition imported 2026-10-25.

BibleKenya

Reader settings

Theme
Font
Alignment
Reading width

Saved in this browser and used offline too. Press ? for keyboard shortcuts.