Skip to content
BibleKenya

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™

Psalmowo 114

Esi Israel do go tso Egipte,

esi Yakob ƒe aƒe la do go

tso gbe bubu gblɔlawo dome la,

Yuda zu Mawu ƒe kɔkɔeƒe,

eye Israel zu eƒe fiaɖuƒe.

Atsiaƒu kpɔe, eye wòsi dzo,

Yɔdan tɔsisi hã te yi megbe.

Towo ti kpo abe agbowo ene,

eye togbɛwo abe alẽviwo ene.

O! Atsiaƒu, nu ka ta nèsi ɖo,

O! Yɔdan tɔsisi, nu ka ta nète yi megbe ɖo?

Mi towo, nu ka ta mieti kpo abe agbowo ene,

eye mi togbɛwo abe alẽviwo ene ɖo?

O! Anyigba, dzo nyanyanya le Aƒetɔ la ŋkume,

le Yakob ƒe Mawu la ŋkume,

eya ame si trɔ agakpe wòzu tɔʋu

kple agakpe sesẽ wòzu tsidzɔƒe.

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™. Copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Licensed under CC BY-SA 4.0. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Source: eBible.org. Typeset from the source files; no intended changes to scripture wording. BibleKenya is not endorsed by the rights holder.

Full source notice & licence · CC BY-SA 4.0 · SourceEdition imported 2026-10-25.

BibleKenya

Reader settings

Theme
Font
Alignment
Reading width

Saved in this browser and used offline too. Press ? for keyboard shortcuts.