Skip to content
BibleKenya

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™

Psalmowo 108

Hadzidzi. David ƒe ha.

O! Mawu, nye dzi le te goŋgoŋgoŋ.

Madzi ha, aƒo saŋku kple nye luʋɔ blibo.

Saŋku kple kasaŋku,

minyɔ! Manyɔ fɔŋli.

O! Yehowa, makafu wò le dukɔwo dome,

eye madzi ha le ŋuwò le anyigbadzitɔwo dome,

elabena wò lɔlɔ̃ de blibo,

hekɔ wu dziƒowo, eye wò nuteƒewɔwɔ yi ɖatɔ lilikpowo.

O! Mawu, woado wò ɖe dzi agbɔ dziƒowo ŋu,

eye na wò ŋutikɔkɔe naxɔ anyigba blibo la dzi.

Ɖe mí, eye nàkpe ɖe mía ŋu kple wò nuɖusibɔ,

be ame siwo nèlɔ̃ vevie la nakpɔ ɖeɖe.

Mawu ƒo nu tso eƒe kɔkɔeƒe la be,

“Mama Sekem le dziɖuɖu me,

eye madzidze Sukɔt Balime.

Gilead nye tɔnye, Manase hã tɔnyee;

nye gakukue nye Efraim,

eye Yuda nye nye fiatikplɔ.

Moab nye nye tsiletɔkpo,

matsɔ nye atokota aƒu gbe ɖe Edom dzi,

eye mado dziɖuɖuɣli ɖe Filistia ŋu.”

Ame ka akplɔm ayi du sesẽ la mee?

Ame ka akplɔm ayi Edom?

O! Mawu, ɖe menye wòe oa?

Nu ka wɔ nègbe mí,

eye mègadona kple míaƒe aʋakɔwo o?

Kpe ɖe mía ŋu ɖe míaƒe futɔwo ŋuti,

elabena èna amegbetɔ ƒe kpekpeɖeŋu mele nemi hã me o.

Ne Mawu le mía dzi la, míaɖu dzi,

eye wòafanya míaƒe futɔwo ɖe eƒe afɔ te.

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™. Copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Licensed under CC BY-SA 4.0. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Source: eBible.org. Typeset from the source files; no intended changes to scripture wording. BibleKenya is not endorsed by the rights holder.

Full source notice & licence · CC BY-SA 4.0 · SourceEdition imported 2026-10-25.

BibleKenya

Reader settings

Theme
Font
Alignment
Reading width

Saved in this browser and used offline too. Press ? for keyboard shortcuts.