Skip to content
BibleKenya

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™

Psalmowo 1

Agbalẽ gbãtɔ

Psalmowo 1–41

Woayra ame si

mezɔna ɖe ame vɔ̃ɖiwo ƒe aɖaŋuɖoɖo nu

alo nɔa tsitre ɖe nu vɔ̃ wɔlawo ƒe mɔ dzi loo

alo nɔa anyi ɖe fewuɖulawo dome o,

ke boŋ ekpɔa dzidzɔ le Yehowa ƒe se la ŋu,

eye wòdea ŋugble le eŋu zã kple keli.

Eya amea ɖi ati si wodo ɖe tɔʋuwo to,

esi tsea ku le etseɣi,

melũa xe o, eye

nu sia nu si wòwɔna la, edzea edzi nyuie.

Mele alea na ame vɔ̃ɖi ya o!

Wole abe blitsro si ya ƒona dzonae la ene.

Eya ta ame vɔ̃ɖi manɔ te le ʋɔnudrɔ̃gbe,

alo nu vɔ̃ wɔlawo nanɔ ame dzɔdzɔewo ƒe ha me o.

Elabena Yehowa kpɔa ame dzɔdzɔewo ƒe mɔ ta,

ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ atsrɔ̃ gbidii.

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™. Copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Licensed under CC BY-SA 4.0. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Source: eBible.org. Typeset from the source files; no intended changes to scripture wording. BibleKenya is not endorsed by the rights holder.

Full source notice & licence · CC BY-SA 4.0 · SourceEdition imported 2026-10-25.

BibleKenya

Reader settings

Theme
Font
Alignment
Reading width

Saved in this browser and used offline too. Press ? for keyboard shortcuts.