Skip to content
BibleKenya

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™

Lododowo 9

Nunya kple bometsitsi ƒe amekpekpe

Nunya tu eƒe xɔ

eye wòɖo eƒe sɔti adreawo te.

Etrɔ asi le eƒe lã si wòwu ŋu,

tɔtɔ eƒe wain, eye wòɖo eƒe kplɔ̃ hã.

Edɔ eƒe dɔlanyɔnuwo

eye wòtsi tsitre ɖe dua ƒe kɔkɔƒe ke hedo ɣli be,

“Mi bebewuwo katã mige ɖe eme le afii!”

Egblɔ na numanyalawo be,

“Miva, miɖu nye nu

eye mino nye wain si metɔtɔ.

Miɖe asi le bometsitsi ŋu,

ekema mianɔ agbe eye miazɔ le gɔmesese me.

“Ame si le nya gbem na fewuɖula la le eƒe dzu dɔm

eye ame si ka mo na ame vɔ̃ɖi la xɔa dzudzu.

Mègaka mo na fewuɖula o, ne menye nenema o la,

alé fu wò; ke boŋ ka mo na nunyala eye alɔ̃ wò nya.

Fia nu nunyala, aganya nu ɖe edzi wu,

fia nu ame dzɔdzɔe eye agasrɔ̃ nu akpe ɖe esi wònya xoxo la ŋuti.

“Yehowa vɔvɔ̃e nye nunya ƒe gɔmedzedze

eye sidzedze Kɔkɔetɔ la nye gɔmesese

elabena to dzinye wò ŋkekewo adzi ɖe edzi fũu

eye woatsɔ ƒewo akpe wò agbenɔƒewo.

Ne èdze nunya la, wò nunya ahe viɖe vɛ na wò;

ke ne ènye fewuɖula la, wò ɖeka koe akpe fu.”

Nyɔnu bometsila la le ɣli dom,

womekplae o eye menya nu hã o.

Enɔ anyi ɖe eƒe aƒe ƒe ʋɔtru nu,

enɔ anyi ɖe zikpui dzi le du la ƒe kɔkɔƒe kekeake

le ame siwo va le eme tsom la yɔm,

ame siwo lé woƒe mɔ tsɔ tẽe be,

“Mí ame siwo katã nye bebewuwo la,

mige ɖe eme le afii!”

Egblɔna na ame siwo menya nu o la be,

“Tsi si wofi la vivina,

eye nu si woɖu le vivime la vivina!”

Ke womenya gɔ̃ hã be ame kukuwo le afi ma o

eye eƒe ame kpekpewo le yɔdo ƒe gogloƒe ke o.

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™. Copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Licensed under CC BY-SA 4.0. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Source: eBible.org. Typeset from the source files; no intended changes to scripture wording. BibleKenya is not endorsed by the rights holder.

Full source notice & licence · CC BY-SA 4.0 · SourceEdition imported 2026-10-25.

BibleKenya

Reader settings

Theme
Font
Alignment
Reading width

Saved in this browser and used offline too. Press ? for keyboard shortcuts.