Skip to content
BibleKenya

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™

Lododowo 23

Nya adrelia

Ne ènɔ kplɔ̃ ŋu be yeaɖu nu kple fia la,

lé ŋku ɖe nu si wotsɔ ɖo akɔwò me la ŋu nyuie

eye tsɔ hɛ ɖo wò ve dzi

ne ènye nutsuɖula.

Mègadzro eƒe nuɖuɖu kpeɖiwo o

elabena nuɖuɖu ma nye beble.

Nya enyilia

Mègaku kutri vivivo,

agbɔdzɔ ɖokuiwò be yeakpɔ hotsui o,

dze nunya nàlé avu ɖokuiwò.

Kasia wò ŋku nabe yeato kesinɔnuwo dzi la,

wo nu va yi xoxo

elabena woato aʋala godoo

eye woadzo adzo ayi ɖe dziƒo ʋĩi abe hɔ̃ ene.

Nya asiekelia

Mègaɖu ŋutsu nuvela ƒe nuɖuɖu o,

eye eƒe nuɖuɖu kpeɖiwo megadzro wò o,

elabena enye ame si le ga si wòagblẽ ɖe nua ɖaɖa ŋuti la ŋu bum.

Egblɔ na wò be,

“Ɖu nu, nàno nu”

gake megblɔe tso eƒe dzi me o.

Àdzɔ nu sue si nèɖu la hã

eye àtsɔ wò kafukafunya siwo nègblɔ la hã ada ahee.

Nya ewolia

Mègaƒo nu ɖe bometsila ƒe to me o,

elabena ado vlo wò nunyanyawo.

Nya wuiɖekɛlia

Mègaɖe blemaliƒokpewo ɖa

alo age ɖe tsyɔ̃eviwo ƒe agble me o

elabena ŋusẽtɔe nye wo ta ʋlila;

eye awɔ avu kpli wò ɖe wo nu.

Nya wuievelia

Tsɔ wò dzi ku ɖe nufiame ŋu

eye wò towo natrɔ ɖe gɔmesese ŋu.

Nya wuietɔ̃lia

Mègagbe tohehe na ɖevi o,

ne èƒoe kple ati la, mele kuku ge o.

Tsɔ ameƒoti he to nɛ

eye àɖe eƒe luʋɔ tso ku me.

Nya wuienelia

Vinye, ne wò dzi dze nunya la,

ekema nye hã nye dzi akpɔ dzidzɔ

eye nye ememe ke atso aseye ne wò

nuyiwo gblɔ nu si le dzɔdzɔe.

Nya wuiatɔ̃lia

Mègana wò dzi naʋã ŋu nu vɔ̃ wɔlawo o,

ke boŋ tsɔ dzo ɖe Yehowavɔvɔ̃ ŋu.

Vavã, mɔkpɔkpɔ le asiwò hena etsɔ si gbɔna

eye wò mɔkpɔkpɔ mazu dzodzro o.

Nya wuiadelia

Vinye, ɖo tom ne nàdze nunya

eye na wò dzi nanɔ mɔ dzɔdzɔetɔ dzi.

Mègade ha kple ame siwo nye waintsunolawo

alo lã geɖe ɖulawo o.

Elabena ahatsunolawo kple nutsuɖulawo la,

ahee wodana eye alɔ̃ tsu dɔdɔ nana wonɔa awu vuvuwo me.

Nya wuiadrelia

Ɖo to fofowò, ame si dzi wò

eye mègado vlo dawò ne eku nyagã o.

Ƒle nyateƒe la eye mègadzrae o;

ƒle nunya, amehehe kple gɔmesese.

Ame dzɔdzɔe fofo atso aseye geɖe

eye ame si si vi nyanu le la akpɔ dzidzɔ le eŋu.

Dawò kple fofowò nekpɔ dzidzɔ

eye nyɔnu si dzi wò la netso aseye!

Nya wuienyilia

Vinye, tsɔ wò dzi nam

eye wò ŋkuwo nenɔ nye mɔwo ŋu

elabena gbolo la, ʋe globoe wònye

eye srɔ̃nyɔnu ahasitɔ la,

vudo xaxɛ wònye.

Ede xa ɖi abe adzodala ene

eye wòdzia ŋutsu ahasitɔwo ƒe xexlẽme ɖe edzi.

Nya wuiasiekelia

Ame kae le hũu ɖem?

Ame kae le veve sem?

Ame kae le nu xam?

Ame kae le eƒe nuteɖeamedziwo gblɔm?

Ame kae xɔ abi yakatsyɔ?

Ame ka ƒe ŋkue biã abe ʋu ene?

Ame siwo tsia wainze te la tɔe,

ame siwo yina ɖaɖɔa wain si wotɔtɔ kpɔ la tɔe.

Mègaɖɔ wain kpɔ ne ebiã dzẽe,

ne ele fu tsɔm le kplu me,

ne eto vetome heɖiɖi ɖe dɔ me o!

Le nuwuwu la,

eɖua ame abe da ene

eye wònyɔa aɖi abe ƒli ene.

Wò ŋkuwo akpɔ nu tutɔ manyatalenuwo

eye wò susu anɔ nu baɖabaɖawo susum.

Ànɔ abe ame si mlɔ atsiaƒu gbana dzi

alo ame si mlɔ abala dzi ene.

Àgblɔ be,

“Woxlã nu ɖem gake nyemexɔ abi o!

Woƒom gake mevem o!

Ɣe ka ɣi gɔ̃ manyɔ ne magadi ahayomemɔ?”

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™. Copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Licensed under CC BY-SA 4.0. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Source: eBible.org. Typeset from the source files; no intended changes to scripture wording. BibleKenya is not endorsed by the rights holder.

Full source notice & licence · CC BY-SA 4.0 · SourceEdition imported 2026-10-25.

BibleKenya

Reader settings

Theme
Font
Alignment
Reading width

Saved in this browser and used offline too. Press ? for keyboard shortcuts.