Skip to content
BibleKenya

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™

Yona 2

Yona do gbe ɖa na Yehowa, eƒe Mawu la le tɔmelã gã la ƒe dɔ me be,

“Le nye xaxa gã me, medo ɣli na Yehowa,

eye wòɖo tom.

Meyɔe le aʋlime ke,

eye Yehowa se nye kokoƒoƒo!

Ekɔm ƒu gbe ɖe atsiaƒu ƒe gogloƒe ke;

meyi to, ƒu dzeagbo la ŋe tsyɔ dzinye,

eye ƒutsotsoe sesẽwo si to dzinye.

Ale megblɔ be, ‘O Yehowa,

ènyam ɖa le wò ŋkume.

Ke hã la, magatrɔ mo ɖe wò

gbedoxɔ kɔkɔe la gbɔ.’

Tsi la tsyɔ dzinye, tɔ goglo la ƒo xlãm,

eye ƒumegbewo bliba ta nam.

Meyi to ɖe to kɔkɔ siwo

le ƒua me la ƒe agu nu ke.

Wotu agbe ƒe mɔ ɖe nunye

eye wode gam ɖe ku ƒe anyigba dzi.

Gake wò Yehowa, nye Mawu,

èɖem tso ku ƒe asi me!

“Esi nye agbe nu le tsotsom la,

meda nye susuwo ɖe dziwò,

Yehowa, eye nye gbedodoɖa ɖo gbɔwò

le wò gbedoxɔ kɔkɔe la me.

“Ame siwo subɔa alakpamawuwo la

bua Yehowa ƒe amenuveve si anye wo tɔ!

Ke nye la, matsɔ akpedaha asa vɔe na wò,

eye maxe nye adzɔgbeɖefe na wò,

elabena Yehowa gbɔe ɖeɖe tsona.”

Ale Yehowa ɖe gbe na ƒumelã la, eye wòyi ɖatu Yona ɖe anyigba ƒuƒui dzi.

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™. Copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Licensed under CC BY-SA 4.0. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Source: eBible.org. Typeset from the source files; no intended changes to scripture wording. BibleKenya is not endorsed by the rights holder.

Full source notice & licence · CC BY-SA 4.0 · SourceEdition imported 2026-10-25.

BibleKenya

Reader settings

Theme
Font
Alignment
Reading width

Saved in this browser and used offline too. Press ? for keyboard shortcuts.