Skip to content
BibleKenya

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™

Habakuk 3

Habakuk ƒe gbedodoɖa

Esiae nye Nyagblɔɖila Habakuk ƒe gbedodoɖa si woadzi ɖe kasaŋku ŋuti.

Yehowa, mese nya le wò gãnyenye ŋuti.

O Yehowa, wò nuwɔwɔwo wɔ nuku lo!

Gbugbɔ wo wɔ yeye le míaƒe ŋkekewo me.

Ɖe wo fia le míaƒe ɣeyiɣi me.

Le wò dziku me, ɖo ŋku nublanuikpɔkpɔ dzi.

Mawu tso Teman va.

Kɔkɔetɔ la ɖi tso Paran to dzi. Sela.

Eƒe ŋutikɔkɔe yɔ dziƒowo

eye eƒe kafukafu yɔ anyigba dzi!

Eƒe ŋutikɔkɔe nɔ abe agudzedze ene

eye keklẽ gã aɖe do tso eƒe asi me,

afi si eƒe ŋusẽ be ɖo.

Dɔ vɔ̃ le zɔzɔm le eŋgɔ

eye dɔxɔleameŋu le eyome.

Etɔ eye wòʋuʋu anyigba;

ekpɔ nu eye dukɔwo ʋuʋu.

Blematowo kaka eye gbe aɖe gbe togbɛwo ŋe dze eme.

Eƒe mɔwo li tegbee.

Mekpɔ Kusam ƒe agbadɔwo le xaxa me

eye Midiantɔwo ƒe nɔƒewo le nublanui me.

O Yehowa, ɖe nèdo dziku ɖe tɔsisiwo ŋua?

Ɖe wò dɔmedzoe bi ɖe tɔʋuwo ŋua?

Ɖe wò dziku bi ɖe atsiaƒu ŋu esi nèdo wò sɔwo

kple wò tasiaɖamwo le wò dziɖuɖu mea?

Ehe wò dati ɖe go eye nèbia be

woatsɔ wò aŋutrɔwo na wò. Sela.

Ètsɔ tɔsisiwo ma anyigba lae.

Towo kpɔ wò eye woŋe kple vevesese.

Tsiɖɔɖɔ si va yi, tometsiwo ɖe gbe

eye woƒe tsotsoewo de dzi.

Ɣe kple ɣleti tɔ ɖe wo nɔƒe le dziƒo esi

wokpɔ wò aŋutrɔ bibiawo

kple wò akplɔ si le dzo kem miamiamia.

Èzɔ to anyigba dzi le wò dziku dziŋɔ la me

eye nèɖo afɔ dukɔwo dzi kple dziku.

Ke èdo be yeaɖe wò amewo

eye yeaxɔ na wò amesiamina.

Ègbã ta na ame vɔ̃ɖiwo ƒe anyigba ƒe kplɔla

eye nèɖe amea tso tagbɔ va se ɖe afɔ gbɔ. Sela.

Ètsɔ eya ŋutɔ ƒe akplɔ ŋɔ ta nɛ esi

eƒe asrafowo dze mía dzi be yewoakaka mí.

Wole gbe tem abe ɖe wodi be yewoavuvu nublanuitɔ siwo si be la ene.

Ètsɔ wò sɔwo blu atsiaƒu kple tsi gbana la.

Mesee eye nye dzi dzo le menye kpakpakpa;

nye nuyiwo dzo nyanyanya esi mese

woƒe howɔwɔ la, vɔvɔ̃ ɖom ɖe nye ƒu tome ke

eye nye afɔwo ƒo kpakpakpa.

Ke malala kple dzigbɔɖi na dzɔgbevɔ̃eŋkeke la be

wòava dukɔ si le mía ham la dzi.

Togbɔ be gboti meƒo se o

eye wain metse ɖe wainkawo ŋu o,

togbɔ be amiti metse o eye nuɖuɖu mele agble dzi o,

togbɔ be alẽwo vɔ le alẽkpo me,

eye nyiwo vɔ le nyikpo me hã la,

nye la, makpɔ dzidzɔ le Yehowa me

eye madzɔ dzi le Mawu, nye Ɖela, me.

Aƒetɔ Yehowae nye ŋusẽ.

Ewɔ nye afɔ abe zinɔ tɔ ene,

eye wònana be mazɔa Kɔkɔeƒewo.

Na hafiala, woadzi ɖe kasaŋku ŋu.

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™. Copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Licensed under CC BY-SA 4.0. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Source: eBible.org. Typeset from the source files; no intended changes to scripture wording. BibleKenya is not endorsed by the rights holder.

Full source notice & licence · CC BY-SA 4.0 · SourceEdition imported 2026-10-25.

BibleKenya

Reader settings

Theme
Font
Alignment
Reading width

Saved in this browser and used offline too. Press ? for keyboard shortcuts.